-
Dɔwɔwɔwo 22:27-29Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 Eya ta aʋafiagã la te ɖe eŋu biae be: “Gblɔe nam, Romatɔe nènyea?” Eɖo eŋu be: “Ɛ̃.” 28 Aʋafiagã la gblɔ nɛ be: “Ga gbogbo aɖee metsɔ ƒle dukɔmevinyenye sia.” Paulo gblɔ be: “Gake nye ya ɖe wodzim ɖe eme.”+
29 Eya ta ame siwo di be yewoawɔ fui ne yewoase eƒe numenya la dzo le egbɔ enumake; eye vɔvɔ̃ ɖo aʋafiagã la ŋutɔ, esi wòva nya be Romatɔe wònye hafi yede gae.+
-