-
Dɔwɔwɔwo 20:22, 23Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 Azɔ, kpɔ ɖa, gbɔgbɔ la zi dzinye be mayi Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si adzɔ ɖe dzinye le afi ma o hã; 23 nu si menya koe nye be le du sia du me la, gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase nam enuenu be woadem gaxɔ me eye mato xaxawo me.+
-
-
Dɔwɔwɔwo 21:10, 11Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
10 Ke esi míenɔ afi ma ŋkeke geɖe la, nyagblɔɖila aɖe si ŋkɔe nye Agabo+ la tso Yudea va. 11 Eye wòva mía gbɔ hetsɔ Paulo ƒe alidziblanu bla eya ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo hegblɔ be: “Ale gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔe nye esi, ‘Aleae Yudatɔwo abla ŋutsu si tɔ alidziblanu sia nye la le Yerusalem,+ eye woatsɔe ade asi na dukɔwo me tɔwo.’ ”+
-