-
Galatiatɔwo 1:14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 eye meyi ŋgɔ geɖe le Yudasubɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo le nye dukɔ la me, elabena medo vevie nu le mía fofowo ƒe kɔnyinyiwo me geɖe wu.+
-
-
Filipitɔwo 3:4-6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
4 togbɔ be ne ame aɖe aɖo ŋu ɖe nane ŋu le ŋutilã me la, nyee wòanye hafi.
Ne ewɔ na ame aɖe be susu aɖe li si tae yeaɖo ŋu ɖe nane ŋu le ŋutilã me la, susu geɖe wu le asinye: 5 wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe,+ metso Israel ƒomea me, le Benyamin-toa me, menye Hebritɔ si Hebritɔwo dzi;+ le se gome la, Farisitɔe menye;+ 6 le veviedodo gome la, meti hame la yome;+ le dzɔdzɔenyenye si to se dzi gome la, menye mokakamanɔŋutɔ.
-