-
Dɔwɔwɔwo 21:27, 28Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adreawo nawu enu la, Yudatɔ siwo tso Asia la kpɔe le gbedoxɔa me, eye wode zi ameha blibo la me, eye wolée 28 hele ɣli dom be: “Israel ŋutsuwo, mixɔ na mí loo! Ŋutsu si le nu fiam ame sia ame le afi sia afi be woatsi tre ɖe míaƒe dukɔ la kple míaƒe Se la kpakple teƒe sia ŋu lae nye esia. Gawu la, ekplɔ Helatɔwo gɔ̃ hã va gbedoxɔa me heƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia.”+
-