2 Eya ta abe ale si Paulo wɔnɛ ene+ la, ege ɖe eme, eye wòdzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo sabat etɔ̃ sɔŋ;+ 3 eɖea nu me heyɔa nya tso ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖoa kpe edzi be ehiã be Kristo la nakpe fu,+ eye wòafɔ tso ame kukuwo dome,+ eye wògblɔna be: “Ame siae nye Kristo la, Yesu sia si ŋu nya gblɔm mele na mi.”