16 Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me,+ eye wònyo na nufiafia,+ na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me,+17 ale be Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.
19 Eya ta kakaɖedzi geɖe wu va le nyagblɔɖinya la ŋu na mí, eye miewɔe nyuie be mieléa ŋku ɖe eŋu abe akaɖi+ si le keklẽm le viviti me ene (va se ɖe esime agu dze, eye ŋukeɣletivi+ nadze) le miaƒe dziwo me.