10 Eye wònɔa nya sia gblɔm na Yosef ŋkeke sia ŋkeke, ke melɔ̃ be yeamlɔ egbɔ alo anɔ egbɔ o. 11 Gake gbe ɖeka, esi wòyi aƒea me be yeawɔ yeƒe dɔwo la, aƒea me subɔvi aɖeke menɔ aƒea me o. 12 Eye nyɔnua lé eƒe awu gblɔ be: “Va mlɔ gbɔnye!” Ke egblẽ eƒe awu la ɖe esi me hesi do go.