-
2 Korintotɔwo 3:5, 6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Menye be míawo ŋutɔwo míedze nyuie asusu be míawo gbɔe nane tso o, ke boŋ míaƒe dzedze nyuie la tsoa Mawu gbɔ,+ 6 ame si na míedze nyuie be míanye nubabla yeye+ aɖe ƒe subɔlawo, menye se siwo woŋlɔ ɖi la tɔwo o,+ ke boŋ gbɔgbɔ la tɔwo; elabena se siwo woŋlɔ ɖi la tsoa kufia na ame,+ ke gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.+
-