INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Mose 12:1-3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Eye Yehowa gblɔ na Abram be: “Ʋu le mia de, eye nàdzo le wò ƒometɔwo gbɔ kple fofowò ƒe me, ne nàyi anyigba si mafia wò la dzi.+ 2 Mana nàzu dukɔ gã aɖe, mayra wò, eye mana wò ŋkɔ nanyɔ; àva zu yayra na amewo.+ 3 Mayra ame siwo ayra wò, eye maƒo fi ade ame si ado ɖiŋu na wò la,+ eye woayra anyigbadziƒomeawo katã to dziwò.”*+

  • 1 Mose 12:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Yehowa ɖe eɖokui fia Abram eye wògblɔ nɛ be: “Wò dzidzimeviwoe+ matsɔ anyigba sia ana.”+ Eya ta eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, ame si ɖe eɖokui fiae la.

  • 1 Mose 13:14, 15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 14 Esi Lot klã ɖa tso Abram gbɔ megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be: “Meɖe kuku, fɔ mo dzi nàtsa ŋku tso afi si nèle, eye nàkpɔ dziehe, anyiehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gome, 15 elabena anyigba blibo si kpɔm nèle la, wò kple wò dzidzimeviwoe mele etsɔ ge ana tegbee.+

  • 1 Mose 17:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 “Mawɔ nubabla si le nye kpli wò+ kpakple megbewòviwo dome la dzi le woƒe dzidzimeawo katã me, nubabla mavɔe wòanye, be manye Mawu na wò kple megbewòviwo.

  • 1 Mose 22:17, 18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 mayra wò godoo, eye mana wò dzidzimevi* nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene;+ wò dzidzimevi axɔ eƒe futɔwo ƒe duwo* woazu etɔ.+ 18 Eye anyigbadziƒomeawo katã axɔ yayra to wò dzidzimevi la dzi,+ elabena èɖo to nye gbe.’”+

  • 1 Mose 24:7
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 Yehowa, dziƒowo ƒe Mawu, ame si kplɔm tso fofonye ƒe me kple ƒonyemeawo ƒe anyigba dzi,+ eye wòƒo nu kplim heka atam nam be,+ ‘Wò dzidzimeviwoe+ matsɔ anyigba sia ana’+ la, ŋutɔ adɔ eƒe dɔla ɖe ŋgɔwò,+ eye nàɖe srɔ̃ na vinye la tso afi ma.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe