9 Esia tututu tae Mawu doe ɖe dzi wòle ɖoƒe si kɔ wu,+ eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubuwo katã ta la nɛ,+10 ale be ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la,+ nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me,
19 elabena edze Mawu ŋu be yeana blibonyenye la katã nanɔ eya amea me,+20 eye be yeato eya ke dzi adzra ye kple nu bubuwo katã dome ɖo ake,+ esi wòto ʋu+ si Kristo kɔ ɖi le fuwɔameti* la ŋu dzi wɔ ŋutifafa, woɖanye nu siwo le anyigba dzi alo nu siwo le dziƒo o.