INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Korintotɔwo 6:9-11
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Ðe mienyae be ame madzɔmadzɔwo manyi Mawu Fiaɖuƒe la dome oa?+ Migana woaflu mi o. Ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me,+ trɔ̃subɔlawo,+ ahasiwɔlawo,+ ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna,+ alo ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo,+ 10 kple fiafitɔwo, ŋuklẽlawo,+ ahamulawo,+ amedzulawo kple adzodalawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.+ 11 Gake nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã. Ke wole tsi na mi;+ ke wona mia ŋuti kɔ;+ ke wobu mi ame dzɔdzɔewo+ le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la me.

  • Efesotɔwo 2:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Ɛ̃, mí katã míenɔ agbe le wo dome tsã le míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu,+ eye míewɔa ŋutilã la kple tamesusuwo ƒe lɔlɔ̃nu,+ eye tsã la, míenye vi siwo dzi Mawu ƒe dziku+ nɔ tso dzɔdzɔme abe ame susɔeawo ke ene.

  • Tito 3:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Elabena tsã la, míawo hã míenye movitɔwo, tosẽlawo, ame siwo tra mɔ, nudzodzro kple vivisese vovovowo ƒe kluviwo, míenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple ŋubiabiã dzi, eye míenye ame nyɔŋuwo kple ame siwo léa fu wo nɔewo.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe