Yohanes 17:17 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 17 Kɔ wo ŋu* to nyateƒe+ la me; wò nya la nye nyateƒe.+ 1 Korintotɔwo 6:11 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 11 Gake nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã. Ke wole tsi na mi;+ ke wona mia ŋuti kɔ;+ ke wobu mi ame dzɔdzɔewo+ le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la me. 1 Tesalonikatɔwo 4:7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 Elabena Mawu meyɔ mí na makɔmakɔnyenye o, ke na kɔkɔenyenye boŋ.+
11 Gake nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã. Ke wole tsi na mi;+ ke wona mia ŋuti kɔ;+ ke wobu mi ame dzɔdzɔewo+ le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la me.