1 Mose 22:9, 10 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 9 Mlɔeba wova ɖo teƒe si Mawu vavã la fiae la, eye Abraham ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma eye wòɖo nakea ɖe edzi. Ebla via Isak ƒe asiwo kple afɔwo eye wòtsɔe ɖo nakea dzi le vɔsamlekpuia dzi.+ 10 Eyome Abraham do asi ɖa tsɔ hɛ* la be yeawu ye via.+ Yohanes 3:16 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 16 “Elabena Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi+ la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.+
9 Mlɔeba wova ɖo teƒe si Mawu vavã la fiae la, eye Abraham ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma eye wòɖo nakea ɖe edzi. Ebla via Isak ƒe asiwo kple afɔwo eye wòtsɔe ɖo nakea dzi le vɔsamlekpuia dzi.+ 10 Eyome Abraham do asi ɖa tsɔ hɛ* la be yeawu ye via.+
16 “Elabena Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi+ la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.+