Psalmo 34:14 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 14 Trɔ ɖa le vɔ̃ ŋu, ne nàwɔ nyui;+Di ŋutifafa, eye nàti eyome.+ Romatɔwo 12:18 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 18 Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.+ Romatɔwo 14:19 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 19 Eya ta mina míati nu siwo hea ŋutifafa vanɛ+ kple nu siwo tua ame ɖo la yome.+