28 Mikpɔ mia ɖokui+ kple alẽha blibo la dzi nyuie, alẽha si dome gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi dzikpɔlawoe+ le, be miakplɔ Mawu ƒe hame,+ si wòtsɔ eya ŋutɔ Via ƒe ʋu ƒle+ la.
35 Le nuwo katã me la, meɖee fia mi be miawɔ dɔ sesĩe alea+ akpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, eye be Aƒetɔ Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mi, esi eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Dzidzɔ geɖe le nunana me+ wu nuxɔxɔ.’ ”
2 Mikplɔ Mawu ƒe alẽha+ si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, misubɔ abe dzikpɔlawo ene,* menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu ŋkume;+ menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o,+ ke boŋ kple dzi faa;