-
Romatɔwo 13:3, 4Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
3 Elabena ŋɔdzi le dziɖulawo ŋu, menye na nu nyui wɔlawo o, ke na nu gbegblẽ wɔlawo boŋ.+ Eya ta ɖe mèdi be yeavɔ̃ ŋusẽtɔ oa? Ekema nɔ nu nyui wɔm,+ eye àkpɔ kafukafu tso egbɔ; 4 elabena Mawu ƒe dɔla wònye na wò le wò nyonyo ta. Ke ne èle nu gbegblẽ wɔm la, ekema vɔvɔ̃ neɖo wò, elabena menye dzodzroe wòlé yi la ɖe asi o. Mawu ƒe dɔla si hea to na nu gbegblẽ wɔla le dɔmedzoe me lae wònye.
-