8 Ke boŋ miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi,+ eye mianye nye ɖasefowo+ le Yerusalem+ kple Yudea blibo la katã kple Samaria,+ va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.+
8 Eya ta ŋu megakpe wò le ɖaseɖiɖi le mía Aƒetɔ la ŋu o,+ alo le nye, ame si nye gamenɔla le eta la ŋuti o, ke boŋ kpe fu le xaxa me faa+ le nya nyui la ta eye nàɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ la ŋu.+
9 Nye, Yohanes, mia nɔvi, si kpɔ gome kpli mi le xaxa+ kple fiaɖuƒe+ kpakple dzidodo+ me le Yesu ta la,+ menɔ ƒukpo si woyɔna be Patmo la dzi le nuƒoƒo tso Mawu ŋu kple ɖaseɖiɖi le Yesu ŋu ta.