-
Nyaɖeɖefia 19:1, 2Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
19 Le nu sia megbe la, mese gbe aɖe abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene le dziƒo. Wogblɔ be: “Mikafu Yah!*+ Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye mía Mawu la tɔ, 2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.+ Elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã si tsɔ eƒe ahasiwɔwɔ* gblẽ anyigba la, eye wòbia eƒe kluviwo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃e.”*+
-