INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 32:43
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 43 Mi dukɔwo, mikpɔ dzidzɔ kple eƒe dukɔ la,+

      Elabena abia hlɔ̃ ɖe eƒe subɔlawo ƒe ʋu ta,+

      Abia hlɔ̃ eƒe ketɔwo ɖe eteƒe,+

      Eye wòalé avu* ɖe eƒe dukɔ la ƒe anyigba ta.”

  • Romatɔwo 12:19
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku* la boŋ;+ elabena woŋlɔ ɖi be: “‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia’; nye la, maɖo eteƒe, Yehowa* ye gblɔe.”+

  • Nyaɖeɖefia 6:9, 10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 9 Esi wòɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ ame siwo wowu le Mawu ƒe nya la kple ɖase+ si woɖina ta la ƒe luʋɔwo*+ le vɔsamlekpui+ la te. 10 Eye wodo ɣli kple gbe gã aɖe le gbɔgblɔm be: “Aƒetɔ Dziɖulagã, kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ,+ ɣekaɣie nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzinɔlawo ahabia hlɔ̃ wo ɖe míaƒe ʋu ta?”+

  • Nyaɖeɖefia 19:1, 2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 19 Le nu sia megbe la, mese gbe aɖe abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene le dziƒo. Wogblɔ be: “Mikafu Yah!*+ Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye mía Mawu la tɔ, 2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.+ Elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã si tsɔ eƒe ahasiwɔwɔ* gblẽ anyigba la, eye wòbia eƒe kluviwo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃e.”*+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe