-
Nyaɖeɖefia 13:15-17Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
15 Eye woɖe mɔ nɛ be wòade gbɔgbɔ lã wɔadã la ƒe legba la me, ne lã wɔadã la ƒe legba la naƒo nu, eye wòana woawu ame siwo katã gbe be yewomade ta agu na lã wɔadã la ƒe legbaa o la.
16 Eye wòzi amewo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖemewo kple kluviwo dzi be woaxɔ dzesi ɖe woƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu,+ 17 eye be ame aɖeke nagate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ame si ŋu dzesi, si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ+ alo xexlẽdzesi si le tsitre ɖi na eƒe ŋkɔ, le la ko.+
-