22 Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si le dɔmedzoe+ dom ɖe nɔvia ŋu la, woabia akɔntae le ʋɔnudrɔ̃ƒe; eye ame si agblɔ gbɔɖiamenya ɖe nɔvia ŋu atsɔ ado vloe la, woabia akɔntae le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ; eye ame si agblɔ be: ‘Èdzɔ lã ŋutɔ!’ la, adze na Gehena* ƒe dzo la me yiyi.+
9 Eye ne wò ŋku hea wò dea nu vɔ̃ me* la, hoe le eto me nàtsɔ aƒu gbe. Enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka wu be ŋku eve nanɔ asiwò, evɔ woatsɔ wò aƒu gbe ɖe Gehena*+ ƒe dzo la me.
8 Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo,+ ŋunyɔnuwɔlawo, amewulawo,+ ahasiwɔlawo,*+ gbɔgbɔyɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo+ katã ya la, woakpɔ wo tɔ gome le dzota si me dzokpe le bibim le la me.+ Esia le tsitre ɖi na ku evelia.”+