-
Galatiatɔwo 5:19-21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
19 Ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒãa keŋ, eye woawoe nye gbɔdɔdɔ manɔsenu,*+ makɔmakɔnyenye, ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe,*+ 20 trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ,*+ kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, nyahehewo, mamawo, kɔmamawo, 21 ŋubiabiã, ahamumu,+ aglotutu siwo gbɔ eme kple nu siawo tɔgbi.+ Mele nu xlɔ̃m mi ku ɖe nu siawo ŋu do ŋgɔ, abe ale si mexlɔ̃ nu mi xoxo ene be, ame siwo wɔa nu siawo la, womanyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.+
-