INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Yesaya 11:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Atilɔ+ adze tso Isai+ ƒe atitakpo me;

      Eye dzedze+ atso eƒe kewo me atse ku.

  • Yesaya 11:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Gbe ma gbe Isai ƒe ke ado+ anye dzesi na dukɔwo.+

      Dukɔwo adi mɔfiame* tso egbɔ,+

      Eye eƒe gbɔɖemeƒe azu atsyɔ̃.

  • Yesaya 53:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    •  2 Adzè abe atilɔ fẽ+ ene le eŋkume,* abe ke si dzè tso anyigba ƒuƒu me ene.

      Medze bubumee o, eye atsyɔ̃ hã medze le eŋu o;+

      Ne míekpɔe la, eƒe dzedzeme menaa eƒe nu nyoa mía ŋu o.*

  • Yeremiya 23:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Yehowa be: “Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna, esime mana atilɔ*+ dzɔdzɔe aɖe nadze na David. Aɖu fia,+ eye wòaɖe gɔmesese deto afia, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ahawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi.+

  • Yeremiya 33:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Le ŋkeke mawo me le ɣemaɣi la, mana atilɔ* dzɔdzɔe nadze na David,+ adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi.+

  • Nyaɖeɖefia 5:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Gake ametsitsiawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be: “Dzudzɔ avia. Kpɔ ɖa! Dzata si tso Yuda-toa+ me, ame si nye David+ ƒe kè+ la, ɖu dzi,+ eya ta ate ŋu aɖe nutrenu adreawo ɖa, eye wòaʋu agbalẽ la.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe