Ðe Katekismo Yeye Atrɔ Nuwoa?
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Italia gbɔ
“ƑE 2000 ƒe Katekismo,” “Nuvɔ̃ Yeye Siwo Woŋlɔ,” “Sɔlemeha la ƒe Nɔnɔme Yeye”—nya siawoe nye tanya siwo dze nyitsɔ laa le Italiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo me dometɔ aɖewo le Katoliko-ha la ƒe Katekismo (Eŋlisigbe) yeye ŋuti, esi wota ɖe Fransegbe, Germaniagbe, Italiagbe, kple Spaniagbe me vaseɖe fifia. Katekismo sia si woƒlena le Italia ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ɖo 110,000 le kwasiɖa etɔ̃ kloe me. Nyateƒee, le dukɔ si me Katolikotɔ siwo ade miliɔn 58 kloe le me la, xexlẽme sia mesɔ gbɔ kura o. Italiatɔ nuŋlɔla aɖe gblɔ be “agbalẽ si me woŋlɔ nuvɔ̃ yeyewo ɖo ko dimee” eƒlelawo le eye “dzi ava ɖe le wo ƒo.”
Le ƒe 1992 ƒe December 7 lia dzi la, Papa John Paul II ɖe axa 450 ƒe agbalẽ si wòyɔ be “Katoliko-ha kple agbenɔnɔ ŋuti sewo ƒe agbalẽ” aɖe ɖe go. Wozã ƒe ade kple edzivɔ ɖe eŋɔŋlɔ kple egbugbɔgaŋlɔ ŋu, eye Katolikotɔwo ɖe ɖeklemi geɖe le agbalẽ sia tata ŋuti. Abe alesi wòwɔnɛ ɖaa ene la, edo Kristodukɔa ƒe “Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔetɔ Kekeake” ƒe nya ɣaɣla la . . . “si nye sɔlemeha la ƒe nya ɣaɣla vevitɔ” ɖe ŋgɔ. Egblɔ hã be “Mawue wɔ gbɔgbɔmeluʋɔ ɖesiaɖe tẽ . . . , eye enye nu makumaku.” (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:28; Mateo 24:36; kpɔ Xezekiel 18:4, 20 hã.) Gake nukatae wobui be katekismo yeye hiã ɖo?
Katolikotɔ agbalẽnyagã aɖe ŋlɔe be: “Katekismo geɖe siwo nunɔlawo ta la nye esiwo me nyawo wotsɔ dzitsitsi vevie ŋlɔ, eye nufiafia ƒe vodadawo kple nya siwo gbɔ eme akpa yɔ wo me fũ.” Ke hã la, esiawoe wozã ƒe geɖe tsɔ fia nu Katolikotɔ dovevienuwoe. Katolikotɔwo ƒe agbalẽ si nye La Civiltà Cattolica gblɔ be ɖe woɖoe be agbalẽ yeyea nana “kpekpeɖeŋu vevi le sɔlemeha la ƒe ɖekawɔwɔ,” si ʋuʋu le ƒe ʋee siwo va yi me “la gbugbɔtuɖo me.” Papa la ŋutɔ gblɔ be: “Ŋgɔyiyi siwo katekismo sia ahe vɛ la kpɔkpɔ mele bɔbɔe o. Gake . . . ate ŋu anye dɔwɔnu xɔasi si ɖea vi hena sidzedze si de to wu kpakple gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ me tɔtrɔ yeye si nye vavãtɔ.”
Nenema tututue wòanɔa? Ðe katekismo sia ana Katolikotɔwo nagawɔ ɖekaa? Vevietɔ mamã siawo dze le alesi Katolikotɔ siwo le xexeame katã wɔna ɖe nyawo abe fuɖeɖe, mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu, ablɔɖenanamawunya, kple ame ɖokui ƒoƒo ɖe nusi woyɔna be aʋa dzɔdzɔewo me (ne wona Katolikotɔwo le Katolikotɔwo wum gɔ̃ hã) ene ŋu la me. Fuléle kple mamã geɖe le habɔbɔ si woyɔna be Opus Dei si si ŋusẽ su fifia, si megbe papa kple nunɔlaha me tɔ geɖe siwo nye ame ŋkutawo le, kpakple Yesutɔ siwo ŋu papa la megakpɔ dzidzɔ ɖo azɔ o la dome.
Ðe katekismo sia atrɔ Italiatɔ dunyaheha- kple asitsahaŋgɔnɔla akpe geɖe siwo ƒo wo ɖokui ɖe nugbegblẽwɔwɔ kple ŋukpenanuwɔnawo me nyitsɔ laa ƒe dzi kple agbenɔnɔa? Ŋusẽ ka gbegbe tututue agbalẽ sia akpɔ ɖe Italia-dziɖulawo ƒe agbenɔnɔ dzi? Ne mete ŋu trɔ dziɖulawo ƒe agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo o la, ke nukatae wòle be woazii ɖe Katolikotɔwo ya dzi ɖo? Esi wònye axa 450 ye le agbalẽa si—eye sɔlemehamevi akpa gãtɔ medoa vivi ɖe nuxexlẽ ŋu o—ta la, ɖe woakpɔ mɔ be akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi ɣeyiɣi didia?