INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 24 axa 160-axa 164 mm. 7
  • Nya Siwo Sɔ Tiatia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Siwo Sɔ Tiatia
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Nuƒoƒo Wòazɔ Tẽ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Nuƒoƒo Le Dzeɖoɖomɔ Nu
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 24 axa 160-axa 164 mm. 7

NUSƆSRƆ̃ 24

Nya Siwo Sɔ Tiatia

Nukae wòle be nàwɔ?

Zã nya siwo aɖee afia be èdea bubu amewo ŋu eye nèkɔa dɔme ɖe wo ŋu, nya siwo gɔme anya se bɔbɔe, esiwo ana nàgblɔ nyawo le mɔ vovovowo nu, kple esiwo aɖe ŋusẽ kple seselelãme si sɔ afia. Zã nyawo le mɔ si sɔ ɖe gbeŋutise nu.

Nukata Wòle Vevie?

Eɖenɛ fiana be nèdea bubu nya si gblɔm nèle ŋu eye wòfiaa nu geɖe tso wò nɔnɔme ɖe amesiwo nèle nu ƒom na la ŋu. Ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo awɔ nu ɖe nya si gblɔm nèle ŋui la dzi.

Eɖenɛ fiana be nèdea bubu nya si gblɔm nèle ŋu eye wòfiaa nu geɖe tso wò nɔnɔme ɖe amesiwo nèle nu ƒom na la ŋu. Ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo awɔ nu ɖe nya si gblɔm nèle ŋui la dzi.

NYAWO wɔa akpa vevi aɖe le dzeɖoɖo me. Gake be míaƒe nyawo naɖo taɖodzinu si dim míele gbɔ la, ahiã be míatia wo nyuie. Nya aɖe si asɔ le ɣeyiɣi aɖe me masɔ kura ne nɔnɔmea trɔ bubui o. Ne womegblɔ nya aɖe si ŋu wotrɔ asi le be wòanya se nyuie o la, ate ŋu ava zu ‘gbe dada ɖe ame gbɔ’ si ave nyaselawo. Ate ŋu anye be womebu nya mawo ŋu nyuie hafi gblɔ o, si afia ɖekematsɔmatsɔ le eme na amewo. Gɔmesese eve le nya aɖewo si, ɖeka ate ŋu anye dzugbe alo nya madzeto. (Lod. 12:18; 15:1) Gake “xɔlɔ̃nya”—si nye nya si dea dzi ƒo—ya doa dzidzɔ na amesi wole egblɔm na. (Lod. 12:25) Nya siwo sɔ kpɔkpɔ bia kutrikuku, le nunyalawo gɔ̃ hã gome. Biblia gblɔ na mí be Salomo kpɔe be ehiã kutrikuku be yeadi “nya viviwo” kple ‘nya siwo le eteƒe.’—Nyagb. 12:10.

Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, wozãa nya tɔxɛ aɖewo ne wole nu ƒom na ame tsitsiwo alo amesiwo le bubunɔƒewo, eye wozãa nya bubuwo ne wole nu ƒom na ame hatiwo alo amesiwo wotsi wui. Aɖabaŋeŋe ƒu nya dzeto gbɔgblɔ ƒe se siawo dzi afia amemabumabu. Nya siwo wozãna le dekɔnu nu na bubume aɖewo koŋ la zazã na ame ɖokui hã masɔ o. Le bubudede amewo ŋu gome la, Biblia ɖo dzidzenu kɔkɔ anyi si de ŋgɔ wu nusi ɖewohĩ se alo dekɔnu aɖe abia gɔ̃ hã. Exlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woabu amewo katã.’ (Pet. I, 2:17) Amesiwo wɔa esia tso dzime faa la ƒoa nu na amesiame le bubumɔ nu, eɖanye ƒe ka kee amea xɔ o.

Nyateƒee wònye be amesiwo menye Kristotɔ vavãwo o zãa dzugbe kpakple nya madzetowo. Ðewohĩ wobunɛ be nya ɖigbɔ mawo naa ŋusẽ nɔa yewoƒe nyawo ŋu. Alo ɖewohĩ ɖe womese gbea nyuie o tae wozãa nya mawo ɖo. Ne nya mawo zazã zu numame na ame aɖe hafi wòva le nu srɔ̃m tso Yehowa ƒe mɔwo ŋu la, ɖewohĩ asesẽ nɛ be wòaɖe asi le wo ŋu. Ke hã anya wɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòatrɔ alesi wòƒoa nui. Gake ele be amea ŋutɔ hã nalɔ̃ faa be yeasrɔ̃ gbegbɔgblɔa me nya nyuiwo—nya siwo nye amenuvevenyawo, nya siwo tua ame ɖo—eye wòazã wo ɣesiaɣi.—Rom. 12:2; Ef. 4:29; Kol. 3:8.

Nya Siwo Gɔme Nya Sena. Nu vevi aɖe si hiã le nuƒoƒo nyui mee nye be woate ŋu ase egɔme bɔbɔe. (Kor. I, 14:9) Ne wò nyaselawo mele nya siwo zãm nèle gɔme sem bɔbɔe o la, ɖeko nàɖi amesi le dutagbe dom na wo.

Gɔmesese tɔxɛ aɖewo le nya aɖewo ŋu na dɔ tɔxɛ aɖewo wɔlawo. Woate ŋu anye nya siwo woawo zãna ɣesiaɣi. Gake ne èzã nya mawo le afisi mesɔ le o la, awɔe be womanya nusi nèdi be yeagblɔ o. Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be nya bɔbɔe siwo gɔme amesiame ate ŋu ase zãmee nèle hã la, wò nyaselawo ƒe susu ate ŋu ayi nu bubuwo dzi ne èva vu ɖe nanewo gbɔgblɔ tsitotsito ŋu wu alesi dze.

Nuƒola buameŋu tiaa nya siwo gɔme amesiwo mede suku yi ŋgɔ o gɔ̃ hã ate ŋu ase. Eɖea ameŋububu fiana ‘ame bɔbɔɖeanyiwo’ le Yehowa sɔsrɔ̃ me. (Hiob 34:19) Ne eva hiã be nuƒola nazã nya aɖe si ame akpa gãtɔ menya o la, ke ele be wòagblɔe bɔbɔe bene gɔmesesea nadze.

Nya bɔbɔewo tiatia nyuie naa ŋusẽ nɔa nufiafiaa ŋu geɖe wu. Nyagbe siwo medidi boo o kple nyawo gbɔgblɔ kpuie naa nyawo gɔme nya sena bɔbɔe. Woate ŋu anɔ nyagbe siwo didi vie wu dem eme ɣeaɖewoɣi bene nuƒoa matso kpokpokpo o ya. Gake tia nya bɔbɔe kple nyagbe kpuiwo, vevietɔ le nya siwo nèdi be woatsi susu me na wò nyaselawo nyuie gome.

Nyawo Gbɔgblɔ Vovovoe Kple Woƒe Sɔsɔ Pɛpɛpɛ. Nya siwo sɔ nyuie bɔ fũ. Le esi nànɔ nyagbɔgblɔ ɖeka mawo ke zãm le nya sia nya me teƒe la, zã nya vovovowo boŋ. Esia ana wò nuƒoa nazɔ nyuie eye wòanya se. Aleke nàwɔ anya gbegbɔgblɔa me nya geɖe?

Ne èle nu xlẽm la, te fli ɖe nya siwo gɔme mèse o la te, eye nàdi wo me ɖeɖe le nyagɔmeɖegbalẽ me nenye be ele mia degbe me. Tia nya mawo dometɔ ʋɛ aɖewo eye nàdze agbagba azã wo le afisi wòasɔ le. Kpɔ egbɔ be nèyɔ nya mawo nyuie eye nèzã wo le nya si me wo gɔme anya se le me, ke menye be nàzã wo ko atsɔ ahe susu ava ɖokuiwò dzii o. Nya geɖe nyanya awɔe be wò nuƒo nanɔ nɔnɔme vovovo me. Gake ehiã ŋuɖɔɖɔɖo—ne womeyɔ nya aɖe nyuie alo zãe nyuie o la, amewo atsɔe be ɖe amea menya nu tso nya si gblɔm wòle ŋu o.

Taɖodzinu si ta míedi be míanya gbegbɔgblɔ aɖe me nya geɖee nye be míatsɔe afia nui, ke menye be míatsɔ ahe nyaselawo ƒe susu va mía ɖokui dzii o. Nya gã nya gãwo kple nya legbewo gbɔgblɔ wɔnɛ be amewo ƒe susu nɔa nuƒolaa ŋu. Ele be wòanye míaƒe didi be míafia nya vevi siawo eye míana míaƒe nya siwo míegblɔna nanya se na eselawo. Ðo ŋku Biblia ƒe lododo sia dzi, be: “Nunyala ƒe aɖe hea sidzedze vɛ.” (Lod. 15:2) Ne míezã nya nyuiwo, kple nya siwo sɔ siwo gɔmesese le bɔbɔe la, ana míaƒe nuƒo nanya se eye wòawɔ dɔ ɖe ame dzi, ke manɔ dɔ̃, ati ame o.

Esi nèle gbegbɔgblɔa me nya geɖe srɔ̃m la, lé fɔ ɖe nya siwo sɔ zazã ɖe alesi wozãa woe nu ŋu. Ate ŋu anɔ eme be nya eve ƒe gɔmesese naɖi wo nɔewo gake wozãa wo le nɔnɔme siwo to vovo me. Ne ènya vovototoawo la, ate ŋu ana wò nyawo gɔme nanya se wu eye màdo dziku na wò nyaselawo o. Lé to ɖe amesiwo doa gbea nyuie ŋu. Le nyagɔmeɖegbalẽ aɖewo me la, ne woŋlɔ nya la, woŋlɔa nya bubu siwo ƒe gɔmesese ɖii (nya siwo ƒe gɔmesese ɖi wo nɔewo togbɔ be womefia nu ɖeka ma ke tututu o hã) kpakple nya siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la siaa hã kpena ɖe eŋu. Esia awɔe be menye nya vovovo siwo nàte ŋu azã le nya aɖe gbɔgblɔ me ko ŋue nàke ɖo o ke àgate ŋu akpɔ gɔmesese vovovo siwo le wo ŋu hã. Esia kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ vevietɔ ne èle nya si sɔ dim na nɔnɔme aɖe koŋ. Hafi nàtsɔ nya aɖe akpe ɖe esiwo zãm nèle xoxo ŋu la, kpɔ egbɔ be nèse nya ma gɔme, nènya alesi nàyɔ nya mae, kpakple afisi nàzãe le wòasɔ.

Nyagbɔgblɔ siwo le tẽ la gɔme nya sena wu esiwo wogblɔ gbadzaa ko. Nuƒola aɖe ate ŋu agblɔ be: “Le ɣeyiɣi ma me la, ame geɖe dze dɔ.” Alo ate ŋu agblɔ be: “Le Xexemeʋa I ƒe ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Spania dzamezã wu amesiwo ade 21,000,000.” Vovototoa adze ƒã ne nuƒolaa gblɔ nusi tututu eƒe nyawo fia kɔte, esiwo nye “le ɣeyiɣi ma me,” “ame geɖe,” kple “dze dɔ”! Numeɖeɖe alea bia be nànya nya siwo ku ɖe wò nyatia ŋu pɛpɛpɛ kpakple alesi nàtia nya siwo sɔ la nyuie.

Nya siwo sɔ tiatia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nàɖo gɔmesesea gbɔ evɔ màgblɔ nyawo legbee o. Nyawo gbɔgblɔ legbee naa gɔmesesea buna. Nyawo gbɔgblɔ bɔbɔe wɔnɛ be eme nya sena eye nya veviawo tsia susu me na ame. Ewɔnɛ be sidzedze vavã te ŋu sua ame si bɔbɔe. Yesu Kristo ƒe nufiafia ɖe dzesi le alesi wòzãa nya siwo gɔmesese le bɔbɔe ta. Srɔ̃e tso egbɔ. (Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu siwo dze le Mateo 5:3-12 kple Marko 10:17-21.) Srɔ̃ alesi nàtia nya siwo sɔ atsɔ aƒo nu wòanɔ kpuie eme nakɔe.

Nya Siwo Ðea Ŋusẽ Kple Seselelãme Fiana, eye Wonya Sena. Ne èle gbegbɔgblɔ aɖe me nya geɖe srɔ̃m la, wò susu meganɔ nya yeyewo ko ŋu o ke nenɔ nya siwo ɖea nɔnɔme tɔxɛwo fiana hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu dɔwɔnya siwo ɖea ŋusẽ fiana; ŋkɔnyaɖɔnya siwo ɖɔa nu wònya sena; kple nyagbɔgblɔ siwo ɖea vividodoɖeameŋu, dɔmekɔkɔ, alo didi vevie fiana ŋu.

Nyagbɔgblɔ wɔdɔɖeamedzi siawo ƒe kpɔɖeŋuwo bɔ ɖe Biblia me fũ. Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Amos dzi be: ‘Midi nyui, eye menye vɔ̃ o. Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui.’ (Amos 5:14, 15) Nyagblɔɖila Samuel gblɔ na Fia Saul be: ‘Yehowa dze Israel-fiaɖuƒe la le asiwò egbe.’ (Sam. I, 15:28) Esi Yehowa nɔ nu ƒom na Xezekiel la, ezã nyagbɔgblɔ si womaŋlɔ be bɔbɔe o, esi wògblɔ be: ‘Ŋgonu kplala kple dzi kuatri li na Israel ƒe aƒe blibo la.’ (Xez. 3:7) Esi Yehowa nɔ gbe tem ɖe alesi Israel-viwo ƒe nugbegblẽwɔwɔ gbɔ emee dzi la, ebia be: ‘Ðe amegbetɔ aflu Mawu, hafi miawo miele fluyema?’ (Mal. 3:8) Esi Daniel nɔ nu ƒom tso xɔse ƒe dodokpɔ aɖe le Babilon ŋu la, eka nya la ta wònya se be, ‘dzi ku Nebukadnezar vevie,’ le esi Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego mede ta agu na eƒe legba la o ta, eye wòde se be woabla wo atsɔ aƒu gbe ɖe ‘kpodzo bibi la me.’ Be Daniel nakpe ɖe mía ŋu míakpɔ alesi gbegbe dzoa nu sẽe la, eka nya ta be fia la gblɔ na eŋumewo be ‘woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodonɛ tsã’—dzoa nu sẽ ale gbegbe be esi fia ƒe amewo te ɖe kpodzoa ŋu la, efiã wo woku. (Dan. 3:19-22) Esi Yesu nɔ nu ƒom na amesiwo le Yerusalem ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, egblɔ kple seselelãme deto be: ‘Zi nenie medi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o! Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.’—Mat. 23:37, 38.

Nyawo tiatia nyuie ate ŋu ana wò nyaselawo nakpɔ nuwo ƒe nɔnɔme nyuie le susu me. Ne èzã nya siwo wɔa dɔ ɖe ame ƒe susu dzi la, wò nyaselawo “akpɔ” nusiwo ŋu nèle nu ƒom tsoe, “woaka asi” wo ŋu, “woaɖɔ” nuɖuɖu siwo ƒe nya gblɔm nèle “kpɔ,” eye “woase woƒe ʋeʋẽ,” nusiwo ɖɔm nèle kple amesiwo ƒe nya nèyɔ le gbɔgblɔm la ƒe gbe “aɖi woase.” Nyaselawo ƒe susu katã anɔ nya siwo gblɔm nèle ŋu elabena èwɔe be wole nudzɔdzɔa ŋutɔŋutɔ kpɔm le susu me.

Nya siwo ɖɔ nuwo ƒe nɔnɔme nyuie ate ŋu ana amewo nako nu alo afa avi. Woate ŋu ade mɔkpɔkpɔ ame me, ahade agbe amesi dzi nu te ɖo me be agbenɔnɔ nadzroe eye lɔlɔ̃ na Ewɔla nasẽ ŋu ɖe eme. Mɔkpɔkpɔ si dze le Biblia me nyawo abe esiwo le Psalmo 37:10, 11, 34; Yohanes 3:16; kple Nyaɖeɖefia 21:4, 5 ene me kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ŋutɔ le xexeame godoo.

Ne èle Biblia kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo xlẽm la, àke ɖe nya kple nyagbɔgblɔ vovovowo ŋu. (Mat. 24:45) Mègana woatsi agbalẽwo dzi nenema ko o. Tia esiwo lé dzi na wò, eye nàtsɔ wo akpe ɖe esiwo nènya xoxo ŋu.

Nuƒo si Sɔ Ðe Gbeŋutise Nu. Ame aɖewo nyae be menye ɣesiaɣie yewoƒe nuƒo sɔna ɖe gbeŋutise nu o. Gake nukae woate ŋu awɔ tso eŋu?

Ne ègale suku dem la, ekema wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ fifia nàsrɔ̃ gbeŋutise si sɔ kple nyawo tiatia nyuie. Ne mènya nusita wode gbeŋutise aɖe o la, ke bia wò nufiala. Mègagblɔ be yeasrɔ̃ esi ana yeakpɔ dzidzedze le dodokpɔ me ko o. Didi aɖe le mewò si anɔ eme be mele sukuvi bubuawo me o. Èdi be yeanye nyanyuia ƒe subɔla nyui.

Ke ne ame tsitsie nènye eye gbegbɔgblɔ si zãm nèle fifia menye mia degbe si dodo ma wò o ɖe? Alo ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ mesu asiwò nède suku yi ŋgɔe be nète ŋu srɔ̃ mia degbea nyuie o. Dzi megaɖe le ƒowò o. Dze agbagba vevie nàwɔ ŋgɔyiyi boŋ, nàwɔe ɖe nyanyuia ta. Nusiwo míenya tso gbeŋutise ŋu ƒe akpa gã aɖe nye nusiwo míesrɔ̃ to toléle ɖe ame bubuwo ƒe nuƒo ŋu me. Eyata ɖo to nyuie ne nuƒola bibiwo le nu ƒom. Ne èle Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo xlẽm la, lé ŋku ɖe alesi woɖo nyawo, nya siwo wozãna ɖekae, kple nɔnɔme si me wozãa wo le la ŋu nyuie. Trɔ asi le wò nuƒo ŋu wòasɔ ɖe kpɔɖeŋu nyui siawo nu.

Fefewɔla kple hadzila xɔŋkɔwo te ŋu zãa nya kple nyagbɔgblɔ siwo mesɔ ɖe gbeŋutise nu o. Amewo dina be yewoasrɔ̃ amesiawo. Nya le atikevɔ̃ɖizãlawo kple ame bubu siwo ƒe agbenɔnɔ bliboa vlo alo ƒaƒã si si woa ŋutɔwo wolɔ̃a zazã, eye wonaa gɔmesese bubu kura si to vovo na esi li xoxo va nɔa woƒe nyawo ŋu. Nunya manɔ eme be Kristotɔwo nasrɔ̃ amesiawo dometɔ aɖeke o. Wo sɔsrɔ̃ ana woabu mí ade xexemetɔ siawo me eye be míelɔ̃ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi.—Yoh. 17:16.

Na nyawo gbɔgblɔ nyuie gbesiagbe nazu numame na wò. Ne èɖe mɔ wò nuƒo mesɔna nyuie o le gbesiagbe nuƒoƒo me la, mègakpɔ mɔ be yeate ŋu aƒo nu wòasɔ nyuie le wɔna tɔxɛwo me o. Gake ne nya siwo sɔ nyuie ye nèzãna le gbesiagbegbenɔnɔ me la, nyawo ava susu me na wò bɔbɔe eye wòazɔ nyuie ne èle nuƒolanɔƒe alo ne èle gbeƒã ɖem nyateƒea na amewo.

ALESI NÀWƆ ŊGƆYIYII

  • Tia aɖaŋuɖoɖo siwo le nusɔsrɔ̃ sia me dometɔ ɖeka ko si ŋudɔ nèdi be yeawɔ. Ðoe wò taɖodzinui be yeawɔ eŋudɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema.

  • Wò taɖodzinua nenɔ susu me na wò ne èle nu xlẽm. Nenɔ susu me na wò ne èle to ɖom nuƒola bibiwo. Ŋlɔ nya siwo nèdi be yeade wò ŋutɔ wò nuƒo me da ɖi. Le ŋkeke ɖeka alo eve me la, zã nya siwo nèŋlɔ ɖi la dometɔ ɖesiaɖe.

DƆDASI: Le wò dzadzraɖo ɖe kwasiɖa sia ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ alo Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ŋu me la, tia nya ʋɛ aɖewo siwo gɔme mèse tututu o. Di woƒe gɔmeɖeɖe le nyagɔmeɖegbalẽ me ne ele mia degbe me, alo bia ame aɖe si nya gbea nyuie wòaɖe wo me na wò.

Nya siwo medi be matsɔ akpe ɖe esiwo menya xoxo ŋu

Be magblɔ nyawo le mɔ Be wòaɖe ŋusẽ kple

vovovowo nu eye woasɔ pɛpɛpɛ seselelãme afia, alo wòanya se

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․ ․․․․․․․․․․․․․․

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe