HADZIDZI 129
Míayi Edzi Ado Dzi
1. Ne xaxawo va,
Aleke míawɔ ado dzi?
Yesu fia mɔ mí;
Eɖo kpɔɖeŋu nyui na mí.
Ma’u ƒe ŋugbedodo’o
Do ŋusẽe wòdo dzi.
(HAXE)
Mina míado dzi sesĩe;
Mawu magblẽ mí ɖi’o.
Míeka ɖe ’ƒe lɔlɔ̃ dzi,
’Ya ta míado dzi se ɖe nuwuwu.
2. Ne vevesese
Kple fukpekpe ɖi kpe mí hã,
Míalé dzi ɖe ƒo;
Dzidzɔ mavɔ le mía lalam.
Nu nyuiwo míava kpɔ
Le xexe yeyea me.
(HAXE)
Mina míado dzi sesĩe;
Mawu magblẽ mí ɖi’o.
Míeka ɖe ’ƒe lɔlɔ̃ dzi,
’Ya ta míado dzi se ɖe nuwuwu.
3. Míana ta gbeɖe,
Alo avɔ̃ kpɔ gbeɖe o.
Míasubɔ se ɖe
Yehowa ƒe ŋkekea nava.
Míayi ’dzi ado dzi,
’Labe ŋkekea tu’aƒe.
(HAXE)
Mina míado dzi sesĩe;
Mawu magblẽ mí ɖi’o.
Míeka ɖe ’ƒe lɔlɔ̃ dzi,
’Ya ta míado dzi se ɖe nuwuwu.
(Kpɔ Dɔw. 20:19, 20; Yak. 1:12; 1 Pet. 4:12-14 hã.)