INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/15 axa 32
  • Abe Sikatɔtɔŋuti Ene

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Abe Sikatɔtɔŋuti Ene
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/15 axa 32

Abe Sikatɔtɔŋuti Ene

ATƆTƆŊUTI—aleke gbegbe wònya kpɔna eye wòvivina le vemee nye si! Biblia zã atikutsetse vivi sia tsɔ do lo aɖe si nana wobua tame esime wògblɔ be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.” (Lododowo 25:11) Nyagbɔgblɔ sia gɔme ɖe?

Ðewohĩ nyagbɔgblɔ ‘sikatɔtɔŋuti le klosalogba me’ fia aɖaŋudɔ, abe klosalogba si me woda atikutsetse si wotsɔ sika wɔ ɖo ene. Esi wònye be ta sia ƒe kpukpui gbãtɔawo ƒo nu tso fia aɖe gbɔ yiyi ŋu ta la, kpukpui sia ate ŋu afia nunana siwo wotsɔ vɛ na fia aɖe—sikatsyɔ̃ɖonu siwo wowɔ le atɔtɔŋuti ƒe nɔnɔme me siwo woda ɖe klosalogbawo me. (Lododowo 25:6, 7) Alesi wònya kpɔe la wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔŋutɔ!

Nenema kee nye nya si woŋlɔ alo gblɔ si sɔ, si dze na bubu, eye wòsɔ ɖe ɣeyiɣia nu. Wovivina, dea dzi ƒo, heɖea vi na ame le mɔ geɖe nu. Vevietɔ la, Biblia me nya siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la le abe ‘sikatɔtɔŋuti le klosalogba me’ ene.

Fia Salomo “di nya viviwo be, yeakpɔ, eye nyateƒenya, siwo woŋlɔ ɖi la, wole eteƒe” abe alesi eƒe kpɔɖeŋua dzee le eƒe nya siwo me nunya le siwo wòŋlɔ ɖe Lododowo 25:11 me ene. (Nyagblɔla 12:10; Lododowo 25:1) Ƒe alafawo megbe la, Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ be: ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la nyo.’ (Timoteo II, 3:16) Ẽ, aɖaŋuɖoɖo nyuiwo, nyagblɔɖiwo, nyagbɔgblɔ me kpɔɖeŋuwo, kple nyateƒenya siwo klẽna eye wodze to ale gbegbe be woƒo aɖaŋudɔwɔla nyuitɔ kekeakewo ƒe dɔwo ta sãa lae le Biblia me. Gawu la, amesiame si srɔ̃a nunya tso Biblia si nye Mawu ƒe Nya me la, ƒe asi sua kesinɔnu xɔasi aɖe dzi eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ate ŋu asu esi.—Lododowo 4:7-9; Yohanes 17:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe