Aleke Gbegbe Agbe Xɔ Asi na Wòe?
ƑEWUIVI ŋutsuvi aɖe ti kpo tso dziƒoxɔ dzisasrã enyilia dzi va dze anyi eye wòku. Exlẽ agbalẽ aɖe si gblɔ be “vevesese alo dzimaɖitsitsi alo vɔvɔ̃ mele” ameɖokuiwuwu to kpotiti tso kɔkɔƒe “me o; ke boŋ ɖe wòvivina.” Agbalẽ sia si wota le Japan la ŋlɔla gblɔ be ɖeko yenɔ edom ɖa be “ameɖokuiwuwu nye nusiwo woatia le agbe me dometɔ ɖeka.”
Menye amesiwo wua wo ɖokui ɖeɖekoe medea bubu agbe ŋu egbea o. Ʋu vɔ̃ɖi kulawo hã medea bubu agbe ŋu tututu o. Wo dometɔ aɖewo noa aha gɔ̃ hã tsɔ kua ʋui, eye ʋukuku sesĩe wɔnɛ be ame geɖe kua kukpo.
Ame bubuwo tea gbe ɖe agbeɖuɖu dzi tsɔ ɖea alesi woƒe agbe mexɔ asi na wo boo o fiana. Atamanolawo gbe be yewomadzudzɔ sigaret nono o, togbɔ be atamanono te ŋu wua ame eye wogblɔ be enye ameɖokuiwuwu vivivi gake. Le esi teƒe be woalé wo ɖokui dzadzɛ le xexe sia si le gbɔdɔdɔ ƒe tsu kum me la, gbolowɔwɔ vivia ame geɖe nu eye wòwua wo zi geɖe.
Ame aɖewo tsɔa nutsuɖuɖu, ahatsunono, kamemademade nyuie, kple agbeɖuɖu tsoa woƒe agbenɔƒe dzi ƒe geɖe le manyamanya me. Japantɔ nuŋlɔla Shinya Nishimaru xlɔ̃ nu be: “Nuɖuɖu ŋuɖɔɖomanɔŋutɔe tɔtɔa susua ƒe dɔwɔwɔ, eye agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ ko didi tsoa amewo ƒe agbe dzi.” Ame aɖewo ƒe susu sɔ kple blematɔwo tɔ, amesiwo gblɔ be: “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge!”—Yesaya 22:13; Korintotɔwo I, 15:32.
Ẽ, ame geɖe megadea bubu agbe ŋu egbea o. Eyata asɔ be míabia be, Aleke gbegbe agbe xɔ asi na wòe? Ðe wòle be woato mɔ sia mɔ dzi akpɔ agbe taa? Eye ɖe nane gaxɔ asi wu agbe si míele fifia?