Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Mawu ƒe Amewo Tsɔa Wo Ðokui Nana Faa
EŊKƆE nye Yosef, eye enye Kipro-ƒukpoa dzi tɔ. Enɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo dzra agblewo kple aƒewo be woatsɔ adzɔ ga ado Kristotɔnyenye ɖe ŋgɔ la dome. Wova yɔe be Barnaba, si gɔmee nye “akɔfafavi” le eƒe veveseɖeamenu kple dɔmenyonyo ta.—Dɔwɔwɔwo 4:34-37.
Ðetsɔleme vavãtɔ na ame bubuwo alea dzena le Yehowa ƒe tadeagula vavãwo ŋu ɣesiaɣi. Nenemae wòle le Yehowa Ðasefowo dome egbea hã, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna si tso Solomon Islands ɖee fia ene.
Ðasefo siwo wu 60 siwo tso Australia kple New Zealand zɔ mɔ yi Honiara si nye Solomon Islands ƒe fiadu si le Guadalcanal. Wova na kpekpeɖeŋu le Takpexɔ si me Kristotɔwo awɔ takpekpe gãwo le la tutu me. Wotsɔ kwasiɖa eve ko tsɔ tu xɔ gã si me amesiwo ade 1,200 ate ŋu anɔ!
Le ɣeyiɣi ma ke me la, Munda si nye du sue aɖe le New Georgia ƒukpoa dzi ƒe dumemegãwo na anyigba Yehowa Ðasefowo ƒe hamea le dua titina tututu. Wodi be yewoatu Fiaɖuƒe Akpata si nye tadeaguƒe. Eye wohiãnɛ vavã hã. Aƒe sue aɖe si wotsɔ be gba ƒe akpata mee wokpea ta le gake ga mele wo si woatsɔ atu Fiaɖuƒe Akpatae o.a Ame tsitsiwo kple amesiwo ŋu ŋusẽ megale o kple ɖeviwo koŋue nɔ hamea me, eye wo dometɔ aɖeke menya xɔtutu o.
Ðasefo siwo tso Honiara-dugã me Le Guadalcanal-ƒukpo si didi kilometa 380 tso afima dzi la, tsɔ wo ɖokui na faa. (Psalmo 110:3) Wogblɔ be: “Ne mía nɔvi siwo tso dukɔ bubuwo me lɔ̃ faa tsɔ kwasiɖa eve tu Takpexɔ na mí la, míawo hã míate ŋu atsɔ kwasiɖa eve atu Fiaɖuƒe Akpata na mía nɔvi siwo le Munda godoo.”
Ema tututue wowɔ. Gbeɖeka tɔdziʋu aɖe tsɔ Ðasefo kpɔdzidzɔ siwo me didi vevie le va Munda. Ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, wɔ dɔ sesĩe ɖe agba le woƒe ʋua me hedzra ɖo ɖe xɔ si woatsɔ ati, sement, zingli, kple nu bubu siwo woatsɔ atui siwo woɖo ɖe Munda do ŋgɔ na woƒe vava la tutu ŋu.
Esi wodze dɔa gɔme teti la, dziɖegbe sesẽ na tsi si vaa dua me la nu tso. Gake esia menye kuxi si dzi womete ŋu ɖu o. Ðasefoawo ɖe vudo si me woku tsi le le xɔa tuɣi katã. Ke nusi dɔwɔlawo katã aɖu ya ɖe? Ema hã menye kuxi o. Wotsɔ nuɖuɖu gbogbo siwo Honiara hamewo dzɔ la do mɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tso Honiara la. Wova kple woƒe nuɖalawo gɔ̃ hã!
Alesi dɔa nɔ edzi yimee la kpɔkpɔ wɔ nuku na dua me tɔwo. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Menye ŋkekewoe míetsɔ tua xɔe le afisia o. Wo tutu xɔa ƒe geɖe.” Nutoa me tɔ bubu si nye subɔsubɔha aɖe kplɔla gblɔ be yeƒe sɔleme le xɔ tum ƒe 20 enye si va yi gake womewu enu kpɔ o. Gake ŋkeke ewo pɛ koe wotsɔ tu Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea le Munda!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Aƒe si wotsɔ xɔtunu siwo wotso le gbe me tu. Daɖedzitiwo kple xɔtsɔtiwoe wotsɔ tu xɔae, eye wotsɔ deʋaya siwo wotsɔ gbeka bla ɖe atiawo ŋuti la gbae gatsɔe ɖo ɖe eŋu kpe ɖo.
[Anyigbatata siwo le axa 24]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Dziehe Pasifik Ƒugã
SOLOMON ISLANDS
Munda
GUADALCANAL
Honiara
[Anyigbatata]
AUSTRALIA
NEW ZEALAND