“Abe Alesi Ati Tsinae Ene”
ƑE AKPE etɔ̃ kple vɔ enye sia la, Mose ŋlɔ be: “Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hiã nye wo adegbeƒonu.”—Psalmo 90:10.
Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikewɔwɔ me hã la, amegbetɔ ƒe agbenɔƒe gale ko abe alesi wònɔ le Mose ƒe ŋkekea me ene. Gake womabu fɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe kpuie nenema ko ɣesiaɣi o. Mawu gblɔ le Biblia-gbalẽ si nye Yesaya me be: “Nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”—Yesaya 65:22.
Amitie nye ati siwo nɔ agbe didi le Biblia-nyigbawo dzi wu dometɔ ɖeka. Ati si ƒe foto le afisia nye amiti geɖe siwo xɔ ƒe akpe eye wogale agbe le Galilea la dometɔ ɖeka. Ɣekaɣie amegbetɔwo ava nɔ agbe didi nenema gbegbe? Nyagblɔɖi ma ke ɖe eme be anye ɣeyiɣi si me Mawu awɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye.”—Yesaya 65:17.
Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa hã gblɔe ɖi be woawɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye”—dziƒodziɖuɖu yeye kple ameƒome yeye esime Mawu “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:1, 4.
Mawu ƒe ŋugbedodo sia ava eme kpuie. Ekema amiti gɔ̃ hã ƒe ŋkekewo anɔ abe ŋkeke ɖeka si me gaƒoƒo 24 le ko ene. Eye míakpɔ ɣeyiɣi geɖe ase vivi le míaƒe asinudɔwɔwɔwo me bliboe.