New World Translation Wɔ Dɔ Ðe Agbalẽnyalagã aɖe Dzi
BLEMA Helagbenyalagã Ðk. Rijkel ten Kate gblɔ be Dutchgbe me Biblia gɔmeɖeɖewo mete ŋu ɖe nya aɖewo gɔme nyuie o. Le kpɔɖeŋu me le Luka ta 2 la, míekpɔ Helagbe me nya etɔ̃ siwo to vovo (breʹphos, pai·diʹon, kple pais) si wozã tsɔ ƒo nu tso Yesu ƒe tsitsi ƒe ɖoƒewo ŋu. Gɔmesese siwo me vovototo viviviwo le ye le nya siawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Gake le Biblia geɖe me la, woɖe nya siawo dometɔ eve alo etɔ̃awo katã gɔme gbadza ko be “ɖevi.” Aleke wòle be woaɖe egɔmee wòasɔ?
Ðk. ten Kate gblɔ be le kpukpui 12 lia me la, Helagbe me nya breʹphos gɔmee nye “vi fẽ, alo vidzĩ.” Pai·diʹon si wozã le kpukpui 27 lia gɔmee nye “ŋutsuvi sue alo ɖevi,” eye ele be woaɖe pais si dze le kpukpui 43 lia me be “ŋutsuvi.” Ðk. ten Kate ŋlɔ ɖe March 1993 ƒe Bijbel en Wetenschap (Biblia Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya) me be: “Dutchgbe me Biblia gɔmeɖeɖe siwo katã menya la dometɔ ɖeka hɔ̃ hã meɖe esia gɔme nyuie o, si fia be, womesɔ kple ŋɔŋlɔ gbãtɔawo tututu o.”
Emegbe wotsɔ New World Translation of the Holy Scriptures si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ 12 siwo me Dutchgbe me tɔ hã le la fia Ðk. ten Kate. Nya kae wògblɔ? Egblɔ be: “Ewɔ nuku nam ŋutɔ be Dutchgbe me Biblia aɖe li si me wobu alesi wozã Helagbe me nya siwo nye breʹphos, pai·diʹon, kple pais le mɔ vovovo nu la ŋu nyuie le.” Ðe alesi woɖe kpukpui siawo mee le New World Translation me sɔ kple Helagbe me ŋɔŋlɔ gbãtɔawoa? Ðk. ten Kate ɖo eŋu be: “Wosɔ kplii tututu.”