INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 9/15 axa 32
  • Nusɔsrɔ̃ tso Xeviwo Kple Seƒoƒowo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusɔsrɔ̃ tso Xeviwo Kple Seƒoƒowo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 9/15 axa 32

Nusɔsrɔ̃ tso Xeviwo Kple Seƒoƒowo Gbɔ

NUKA mee amewo tsɔa ɖe le egbea zi geɖe wu nu bubu ɖesiaɖe? Ame akpa gãtɔ dina be ga geɖe nasu yewo si hena yewoƒe ƒome dzi kpɔkpɔ alo be yewoatsɔ atrɔ asi le yewoƒe agbenɔnɔ ŋu wòanyo wu.

Agbemenuhiahiãwo kpɔkpɔ nye nu vevi aɖe si ŋu wotsi dzi ɖo le Yesu Kristo ƒe anyigbadzinɔɣi. Gake exlɔ̃ nu be dzitsitsi sia si sɔ la ate ŋu ava zu dzimaɖitsitsi si aɖu ame dzi ahaxe mɔ na gbɔgbɔmenuwo. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe eƒe nya la me na eƒe nusrɔ̃lawo be woalé ŋku ɖe xeviwo kple seƒoƒowo ŋu.

Ehiã be xeviwo naɖu nu gbesiagbe—ne wotsɔ mí sɔ kple wo la, woɖua nu wu mí le tɔtrɔ siwo vaa woƒe lãme be wohiãa ŋusẽ kple nuɖuɖu wu mí ta. Hekpe ɖe eŋu la, womate ŋu aƒã nu, aŋe nu, alo aƒo nuwo nu ƒu hena etsɔme o. Gake abe alesi Yesu de dzesi ene la, mía “Fofo, si le dziƒo la, nyia wo.” (Mateo 6:26) Nenema ke Mawu ɖo atsyɔ̃ na “dzogbenyã le gbedzi” wònya kpɔ ale gbegbe—Mateo 6:28-30.

Yesu ka ɖe edzi na mí be ne míeda ŋutilãmenuwo ɖe afisi dze na wo eye míetsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, Mawu akpɔ egbɔ be nuɖuɖu kple avɔtata siwo míehiã la asu míawo hã si. Ne Yehowa Mawu léa be na xeviwo kple seƒoƒowo la, ke kakaɖedzi li be akpɔ amesiwo lɔ̃nɛ eye ‘wodia mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã’ la ta. (Mateo 6:33) Ðe nètsɔa Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le wò agbe mea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe