INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 4/15 axa 30
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tenɔnɔ Ðe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Dodokpɔ La nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Sukudede—Wɔ Eŋudɔ Tsɔ Kafu Yehowae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Wò Ðeɖe Koe Nye Nuteƒewɔla!”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Mikpɔ Nuteƒewɔla La Ða!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 4/15 axa 30

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèkpɔe be Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa ɖe vi na wò ŋutɔa? Ekema tsɔ nyabiabia siwo gbɔna la do wò susu kpɔ:

◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Amonitɔwo ƒe anyidzedze me? (Zefanya 2:9, 10)

Yehowa mebua ŋutasesẽ si woatsɔ aɖo eƒe dɔmenyo teƒe nu tsɛe o, eye le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, awɔ nu abe alesi wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 2:6-12.)—12/15, axa 10.

◻ Mɔ kawo nue Kristotɔwo le ŋutifafa me le?

Gbã, “ŋutifafa le [wo] kple Mawu dome to [woƒe] Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.” (Romatɔwo 5:1) Evelia, ŋutifafa le wo kple wo nɔviwo dome to alesi wotua “nunya, si tso dziƒo,” si “gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana” la ɖoe dzi. (Yakobo 3:17)—1/1, axa 11.

◻ Nukawoe nye nusiwo wotsɔ Mawu ƒe Nya la sɔ kplii dometɔ aɖewo, eye aleke esia ɖea vi na míi?

Wotsɔ Mawu ƒe Nya la sɔ kple notsi si me nunyiame le, nuɖuɖu sesẽ, tsi si naa gbɔɖeme eye wòklɔa ɖi ɖa, kple yi ɖaɖɛ. Nusiwo nya siawo fia la nyanya akpe ɖe subɔla ŋu be wòawɔ Biblia la ŋudɔ aɖaŋutɔe.—1/1, axa 29.

◻ Nukae sukudede si da sɔ akpe ɖe mía ŋu míawɔ?

Be míaxlẽ nu nyuie, míaŋlɔ nu nyuie, míatsi le susu kple agbenyuinɔnɔ me, eye míaxɔ hehe si hiã na gbesiagbegbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ nyuie.—2/1, axa 10.

◻ Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ ku ɖe hehexɔxɔ ŋu?

Mele be míazã sukudede atsɔ ado mía ɖokui ɖe dzi o, ke be wòanye kafukafu na Hehenala gãtɔ kekeake, Yehowa Mawu boŋ. (Yohanes 7:18)—2/1, axa 10.

◻ Nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la?

Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziƒodziɖuɖu si Mawu ɖo si ana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme be yeaɖe nuvɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ɖa eye yeaɖo nɔnɔme dzɔdzɔewo anyigba dzi ake. (Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 11:15; 12:10)—2/1, axa 16.

◻ Aleke Biblia naa nufiame si hiã be woatsi ŋutasẽnuwɔnawo nu keŋkeŋ?

Yehowa toa eƒe Nya, Biblia, dzi fiaa nu amewo be woanye ŋutifafalɔ̃lawo kple ame dzɔdzɔewo. (Yesaya 48:17, 18) Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu be wòage ɖe ame ƒe dzi me aɖo eƒe dzi gbɔ eye wòatrɔ eƒe tamesusu kple agbenɔnɔ. (Hebritɔwo 4:12)—2/15, axa 6.

◻ Mɔ ka nue woate ŋu agblɔ be nyagblɔɖi si le Yesaya ta 35 ƒe me vava etɔ̃e li?

Yesaya ƒe nyagblɔɖia va eme zi gbãtɔ esime Yudatɔwo trɔ gbɔ tso aboyome le Babilon le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Eyi edzi le eme vam egbea le gbɔgbɔ me tso esime woɖe gbɔgbɔ me Israel tso aboyomenɔnɔ me le Babilon Gã la me. Eye ava eme zi etɔ̃lia wòawɔ ɖeka kple kakaɖedzi si Biblia na le paradiso ƒe nɔnɔme ŋutɔŋutɔ si woaɖo anyi le anyigba dzi me. (Psalmo 37:10, 11; Nyaɖeɖefia 21:4, 5)—2/15, axa 17.

◻ Aleke Mawu ɖe eƒe ɖetsɔtsɔ le amegbetɔwo me fia le nukunu siwo Via, Yesu wɔ la me?

Esi Yesu “mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o” ta la, eƒe veveseseɖeamenu ɖe alesi Yehowa tsɔ ɖe le eƒe subɔlawo dometɔ ɖesiaɖe me fia le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. (Yohanes 5:19)—3/1, axa 5.

◻ Nukae Yesu wɔnɛ esi wòzã nyagbɔgblɔ ‘ŋkuɖodziyɔdowo’ le Yohanes 5:28, 29?

Helagbe me nya mne·mei’on (ŋkuɖodziyɔdo) si wozã le afisia ɖee fia be Yehowa ɖoa ŋku amesi ku la ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe dzi, hekpe ɖe amea ƒe agbemenuwɔna siwo ƒe dome wònyi kple nusiwo katã le eƒe susu me ŋu. Esia nye kpeɖodzi sẽŋu be Mawu tsɔa ɖe le eme na amewo katã ɖekaɖekae!—3/1, axa 6.

◻ Nuxlɔ̃ame kae le Zefanya ƒe nyagblɔɖia me si nye viɖe na mí?

Menye fifiae míaɖe mɔ ɖikeke naxɔ aƒe ɖe míaƒe dzi me ku ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ŋu o. Hekpe ɖe eŋu la, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe ɖekematsɔleme ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gblẽnuwo ŋu. (Zefanya 1:12, 13; 3:8)—3/1, axa 17.

◻ Nukatae nuteƒewɔwɔ na Mawu nye nu sesẽ?

Elabena nuteƒewɔwɔ tsia tre ɖe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro siwo dome míenyi tso mía dzilawo gbɔ ŋu. (Mose I, 8:21; Romatɔwo 7:19) Gawu la, Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ho ɖe mía ŋu, eye woɖoe kplikpaa be yewoana míagbe nuteƒewɔwɔ na Mawu. (Efesotɔwo 6:12; Petro I, 5:8)—3/15, page 10.

◻ Nu ene kawo mee wòle be míanɔ te ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔa nu le, eye nukae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia?

Nu eneawoe nye nuteƒewɔwɔ na Yehowa, na eƒe habɔbɔa, na hamea, kple na mía srɔ̃wo. Nusi akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔa nu dzidzedzetɔe enye alesi míakpɔe adze sii be nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔa do ƒome kple Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli.—3/15, axa 20.

◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi teƒe Dawid kpɔ esime wònɔ agbagba dzem be yeatsɔ nubablaɖaka la ava Yerusalem me? (Samuel II, 6:2-7)

Dawid ŋe aɖaba ƒu Yehowa ƒe mɔfiame si wòna ku ɖe Aɖaka la tsɔtsɔ ŋu dzi, eye esia he afɔku vɛ. Nusi míesrɔ̃ enye be mele be míabu fɔ Yehowa ɖe kuxi si tso aɖabaŋeŋe ƒu eƒe sedede siwo me kɔ ƒã dzi gbeɖe o. (Lododowo 19:3)—4/1, axa 28, 29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe