INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 7/15 axa 31
  • Na Hehe Wo Tso Vidzĩme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Hehe Wo Tso Vidzĩme
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 7/15 axa 31

Na Hehe Wo Tso Vidzĩme

EGBEGBE numekuku ɖee fia be “gbeɖiɖiwo wɔa dɔ ɖe fugboewo ƒe lãmenusese dzi.” Winnipeg Free Press gblɔ be numekula siwo le Dziehe Carolina Yunivɛsiti “kpɔe be esi vidadawo xlẽ agbalẽ na vi siwo le dɔme na wo la, ewɔ dɔ ɖe vidzĩ siwo wodzi la dzi esi wogaxlẽe na wo ake.” Ne nyɔnuwo xlẽ agbalẽ wòɖi sesĩe esime fu le wo ƒo la, esia ate ŋu ana be woaƒã agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu nyuiwo ɖe ɖevia me. Biblia gblɔ be Timoteo ‘nya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo tso ɖevime ke.’ (Timoteo II, 3:14, 15) Edze ƒã be dadaa kple mamaa kpɔ vevienyenye si le hehenanae tso vidzĩme ke ŋu, eye anɔ eme be nuxexlẽ sesĩe hã kpe ɖe eŋu.

Agbalẽŋlɔla Jim Trelease gblɔ be nuxexlẽ enye “agbenɔnɔ ƒe aɖaŋudɔ vevitɔ kekeake si le mía si le hadome egbea.” Gbegbɔgblɔ kple nyagbeawo nyanya ƒe aɖaŋu dzina ɖe edzi ne woxlẽa nu wòɖina sesĩe.

Nunya anɔ eme be nàdze nuxexlẽ gɔme na viwòa, ne etsi megbe kurae nye ɣeyiɣi si nènya dze nuƒoƒo nɛ gɔme ko. Togbɔ be vidzĩ si le dadaa ƒe dɔme alo esi wodzi teti mase nya si gblɔm nèle nɛ gɔme enumake o hã la, viɖe siwo wòakpɔ tso eme ne eva tsi la sɔ gbɔ. Lododowo 22:6 gblɔ be “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”

Nukae nàte ŋu axlẽ si wòatsɔ ade dɔwɔwɔ me eye wòaɖe vi hã nɛ? Xlẽ Biblia la sesĩe na viwòa gbesiagbe. Xlẽ agbalẽ bubuwo hã, abe Toɖoɖo Nufiala Gã La, Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ, kple nyati bubuwo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe magazinewo me.

Enye nyateƒe be ɖokuiwò tsɔtsɔ na le mɔ sia nu abia ɣeyiɣi , gake ne èwɔe la, anye ɣeyiɣi zazã ɖe mɔ nyui nu. Anye mɔ ŋutɔŋutɔ si dzi nàto aɖee fia be nètsɔ ɖe eme na viwòa eye nèlɔ̃e.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe