Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ŋkuɖodzia ŋu nyatakakawo ɖee fia be kpɔɖeŋunuawo ɖulawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi vie le ƒe aɖewo me. Ðe esia fia be wogatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe le ami sim na ame yeye aɖewoa?
Susu nyui aɖe li si ta míaxɔe ase be Kristotɔ amesiamina 144,000 ƒe xexlẽme wu enu le ƒe bla nane siwo va yi me.
Míexlẽ nu tso ame gbãtɔ siwo woxɔ ɖe ƒuƒoƒo sia si ŋu xexlẽme le la me ŋuti le Dɔwɔwɔwo 2:1-4 be: “Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka. Eye kasia gbe aɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Eye aɖe mamãwo do ɖe wo gbɔ le abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka. Eye [gbɔgbɔ] kɔkɔe la yɔ wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi [gbɔgbɔ] la na wo, be woaƒo nui ene.”
Ema megbe Yehowa gatia ame bubuwo, eye wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo. Wotsɔ ame akpe geɖe kpe ɖe wo ŋu le Kristotɔnyenye ƒe gɔmedzedze me. Le Ŋkuɖodzia ɖuɣi le míaƒe ɣeyiɣia me la, nuƒolaa hea susu yia apostolo Paulo ƒe nya siwo le Romatɔwo 8:15-17 dzi zi geɖe, si gblɔ be amesiaminawo ‘xɔ vinyenyegbɔgbɔ.’ Paulo gblɔ kpee be gbɔgbɔ kɔkɔe si woxɔ la ‘ɖia ɖase kpena ɖe woƒe gbɔgbɔ ŋu bena, mawuviwoe wonye, be wonye Kristo ƒe hadomenyilawo.’ Amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na alea nyateƒe la dze si esia kple kakaɖedzi. Menye didi si le wo me alo alesi wobu wo ɖokui le mɔ madzemadze nu ƒe seselelãme dzro aɖee o.
Míenya be dziƒo ƒe yɔyɔ sia yi edzi ƒe alafa geɖe, togbɔ be le Titinaɣeyiɣiwo me la, ɣeyiɣi aɖewo anɔ anyi si amesiaminawo ƒe xexlẽme anɔ sue ŋutɔ hã.a Esi wogbugbɔ ɖo Kristotɔnyenye vavãtɔ anyi le ƒe alafa si va yi me ƒe nuwuwu lɔƒo la, wogayɔ ame geɖe hetia wo. Gake edze abe le ƒe 1930-awo ƒe domedome la, ame 144,000 ƒe xexlẽme bliboa wu enu ene. Le esia ta Kristotɔ nuteƒewɔlawo ƒe ƒuƒoƒo yeye aɖe siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la nɔ dodom. Yesu yɔ amesiawo be “alẽ bubuwo,” amesiwo wɔa ɖeka kple amesiaminawo le tadedeagu me be woanye alẽha ɖeka si dzi woda asi ɖo.—Yohanes 10:14-16.
Kpeɖodzi siwo míekpɔ le ƒe bla nane siwo va yi me ɖee fia be wowu amesiaminawo ƒe yɔyɔa nu eye Yehowa ƒe yayra le “ameha gã” siwo le dzidzim ɖe edzi siwo si mɔkpɔkpɔ le be yewoatsi agbe le “xaxa gã” la me dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Le kpɔɖeŋu me, le Ŋkuɖodzi si woɖu le ƒe 1935 me la, vavalawo nye ame 63,146, eye amesiwo kpɔ gome le kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu me tsɔ ɖo kpe woƒe tiatia dzi la ƒe xexlẽmee nye 52,465. Le ƒe 30 megbe, alo le ƒe 1965 me la, vavalawo nye 1,933,089, esime nua ɖulawo dzi ɖe kpɔtɔ va 11,550. Le ƒe 30 siwo gakplɔe ɖo me la, amesiwo de le ƒe 1995 ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo 13,147,201, gake 8,645 koe kpɔ gome le aboloa ɖuɖu kple wein la nono me. (Korintotɔwo I, 11:23-26) Edze ƒã be esi ƒeawo le yiyim la, amesiwo gblɔ be amesiaminawoe yewonye ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ—wode 52,400 le ƒe 1935 me; 11,500 le ƒe 1965 me; 8,600 le ƒe 1995 me. Gake yayra le amesiwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la dzi, eye woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi geɖe ŋutɔ.
Akɔntabubu si do nyitsɔ laa ye nye ƒe 1995 tɔ, eye eɖee fia be ame 28 siwo nye eɖula yeyewo gava kpe ɖe ƒe si do ŋgɔ nɛ ƒe xexlẽmea ŋu, togbɔ be ne womã vavalawo ɖe nua ɖulawo ƒe agbɔsɔsɔ nu la, eɖulawo ƒe xexlẽmea ɖiɖi hã. Ne míebu esiawo katã ŋu la, mele be nyateƒe si wònye be ame ʋee aɖewo gava kpe ɖe wo ŋu la nana míatsi dzi o. Le ƒe siwo va yi me la, amesiwo xɔ nyɔnyrɔ yeyee gɔ̃ hã dze nua ɖuɖu gɔme. Le wo dometɔ aɖewo gome la, wova kpɔe emegbe be vodadae wònye yewowɔ. Ame aɖewo kpɔe be ŋutilã me seselelãme aɖe alo susu aɖee ʋã yewo yewoɖui. Gake wova kpɔe dze sii emegbe be womeyɔ yewo na dziƒoyiyi o. Wobia Mawu be wòakpɔ nublanui na yewo. Eye woyi edzi nye Kristotɔ nyui, nuteƒewɔla, siwo le esubɔm kple mɔkpɔkpɔ be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi.
Mehiã be mía dometɔ aɖeke natsi dzi ne ame aɖe dze kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu gɔme alo dzudzɔ eɖuɖu o. Nyateƒeae nye be menye míawoe afia ŋutɔŋutɔ ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ame aɖe vavã na dziƒoyiyi alo mele eme nenema o. Ðo ŋku Yesu ƒe kakaɖedzinya sẽŋu sia dzi be: “Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo.” Kakaɖedzi blibo li be Yehowa nya amesiwo wòtia be woanye yeƒe gbɔgbɔmeviwo. Susu geɖe li si ta míaka ɖe edzi be amesiaminawo ƒe xexlẽme dzi anɔ ɖeɖem kpɔtɔ esi tsitsi kple nuɖiɖeamewo na wole woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu wum. Gake abe alesi amesiamina vavã siawo yi edzi le nuteƒe wɔm vaseɖe ku me be woaxɔ agbefiakukuae ene la, nenema ke wòle be alẽ bubuawo siwo nyã woƒe awuwo le Alẽvi la ƒe ʋu la me hã ate ŋu ayi edzi akpɔ mɔ na agbetsitsi le xaxa gã si tu aƒe la me.—Timoteo II, 4:6-8; Nyaɖeɖefia 2:10.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Gbetakpɔxɔ, March 15, 1965, axa 191-2.