INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 3/15 axa 24
  • Aʋatsonutsotsowo Ŋuɖoɖo le France

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aʋatsonutsotsowo Ŋuɖoɖo le France
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 3/15 axa 24

Aʋatsonutsotsowo Ŋuɖoɖo le France

WOGBLƆ aʋatsonya gbogbo aɖewo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le France nyitsɔ laa. Nyadzɔdzɔdɔwɔƒewo nɔ te ɖe nublanuinya siwo dzɔ siwo ku ɖe vivimehawo ŋu le Europa kple Japan dzi kaka nya totrowo le Ðasefowo ŋu. Woda alakpa ɖe wo si be woawoe nye vivimeha si lolo wu kple esi vɔ̃ɖi wu.

Yehowa Ðasefowo ta trakt aɖe bene woatsɔ ana woanya nyateƒe lae, si me woɖo nya siawo tɔgbe ŋu le: Amekawoe nye Yehowa Ðasefowo? Kristotɔwoe wonyea? Wolɔ̃na wowɔa atike na woa? Nukatae woyia amewo gbɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu? Afikae wokpɔa ga tsonɛ tsɔ wɔa woƒe dɔa? Vi kawoe Yehowa Ðasefowo ɖena na nuto si me wole?

Trakt sia si ɖe nu me si woŋlɔ ɖe Fransegbe me ƒe tanyae nye Jehovah’s Witnesses—What You Need to Know (Yehowa Ðasefowo—Nusi Wòle Be Nànya). Be woamã trakt la na ame geɖe alesinu woate ŋui la, wowɔ ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖidɔ tɔxɛ aɖe wɔwɔ ŋu. Womã tata siwo wu miliɔn asieke tso May 13 vaseɖe June 9, 1996, dzi.

Trakt sia wɔ dɔ ɖe ame geɖe siwo me dumemegãwo hã nɔ dzi. Nuto aɖe ƒe aɖaŋudeha me tɔ aɖe gblɔ be: “Nya siwo wohe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la ve dɔme nam ŋutɔ. Lɔlɔ̃ kple ɖokuitɔmadimadi dɔ si miewɔna la nyoa ŋunye zi geɖe.” Esi Europa ƒe Sewɔtakpekpe me tɔ aɖe xlẽ trakt sia la, eŋlɔ be: “Ame akpa gãtɔ nya vovototo si le Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo si mienye kple vivimehawo dome nyuie.”

Ðasefo aɖe na trakt la nunɔla aɖe le Brittany eye wòlɔ̃ faa xɔe. Nunɔla la gblɔ be: “Mekafu mi ɖe dɔ si wɔm miele la ta.” Egagblɔ kpee be: “Medea dzi ƒo na nye hameviwo be woaɖe mɔ na mi miava wo gbɔ le woƒe aƒewo me eye woawɔ kɔfi na mi. Miate ŋu agblɔ gɔ̃ hã na amesiwo miedoa goe be yewova gbɔnye le nye aƒeme. Medi be mana mianya hã be miaƒe agbalẽwo xexlẽ doa dzidzɔ nam.”

Esi Protestanttɔ aɖe xɔ trakt la le Alsace la, eŋlɔ agbalẽ bia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ye. Eŋlɔ be: “Nyemegaka ɖe ha si me mele dzi kura o, eyata medi be magbugbɔ nuwo gɔme adze le gbɔgbɔ me.” Togbɔ be wogblɔa alakpanyawo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ɣeaɖewoɣi le France—le nyateƒe me, le xexeame katã—hã la, woyi edzi le kpekpem ɖe amewo ŋu be Mawu ƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze vavãtɔ, abe alesi wòdze le Biblia me ene, nasu wo si.—Timoteo II, 3:16, 17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe