Kɔkutia Tsɔtsɔ le Ðevime
SƆHƐWO dze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu sesẽwo le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sẽ’ me. (Timoteo II, 3:1) Wolɔa nyatakakawo siwo dea agbegbegblẽnɔnɔ, atamanono, kple agbe gblẽku aɖewo nɔnɔ ƒe dzi ƒo la ɖe wo dzi bibibi gbesiagbe. Woɖua fewu le amesiwo wɔna ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi le esi wogbena be yewomawɔ nu abe ame bubuwo ene o ta, eye Kristotɔ aɖewo asusu be anɔ bɔbɔe wu ne yewona ta.
Le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo la, Yeremya ŋlɔ bena: “Enyo na ŋutsu be, wòatsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime.” (Konyifahawo 3:27) Nuka fiam wònɔ? Efia be tenɔnɔ ɖe dodokpɔwo nu le sɔhɛmenɔɣi kpena ɖe ame ŋu wokpea akɔ kple kuxiwo le tsitsime. Togbɔ be dzɔgbevɔ̃ewo mevivina o hã la, Kristotɔ sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa mate ŋu asi le wo nu o. (Timoteo II, 3:12) Gake viɖe siwo dona tsoa nuteƒewɔwɔ me la lolo sasasã wu gbɔdzɔe sue si woakpɔ ne wona ta.
Ne sɔhɛe nènye la, kpe akɔ kple xɔse ƒe dodokpɔwo ŋutsutɔe. Ne wote wò kpɔ be nànɔ agbe vlo la, mègalɔ̃ o. Togbɔ be ewɔwɔ asesẽ fifia hã la, màva nɔ dzi tsim kakaka le etsɔme o. Yesu do ŋugbe be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi . . . , eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena [nye] kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:29, 30.
Nɔ te ɖe gbetɔame si le agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu me la nu. Ne èwɔe nenema la, ana nànɔ agbe nyuitɔ fifia eye etsɔme mɔkpɔkpɔ like asu asiwò. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.