INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 5/15 axa 21
  • Anukwareɖiɖi—Numaɖowɔe loo alo Nuɖowɔ Yea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anukwareɖiɖi—Numaɖowɔe loo alo Nuɖowɔ Yea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Na Dzi Si Dzea Yehowa Ŋu Nasu Asiwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si Yehowa’ La Le Asiwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Kpɔ Nyuie Le Wò Dzimedidiwo Ŋuti
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Na “Dzi Dzadzɛ” Nakpɔtɔ Anɔ Asiwò Le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 5/15 axa 21

Anukwareɖiɖi—Numaɖowɔe loo alo Nuɖowɔ Yea?

“TOGBƆ be nyemelɔ̃a anukwareɖiɖi o hã la, meɖia anukware le vome.” Nenemae godzela si nye Autolycus gblɔ le The Winter’s Tale si William Shakespeare ŋlɔ me. Nusia ɖe amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ vevi aɖe fia—nugbegblẽwɔwɔ si dzroa mí, si tso ‘dzi alakpatɔ’ me. (Yeremya 17:9; Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Gake ɖe wòfia be míate ŋu awɔ tiatia aɖeke le nya sia me oa? Ðe agbenyuinɔnɔ nye numaɖowɔ dzro aɖe koa? Kura o!

Hafi Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, Mose ƒo nu na wo esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba. Etsɔ tiatia eve siwo me kɔ la ɖo wo ŋku me. Woate ŋu awɔ Mawu ƒe sededewo dzi axɔ eƒe yayra alo woate ŋu agbe wo eye woaxa nuvɔ̃ ƒe kutsetse gbegblẽawo. (Mose V, 30:15-20) Tiatia la kpɔ woƒe ŋkume.

Esi tiatiawɔblɔɖe le mía si ta la, tiatiawɔwɔ dze ŋgɔ míawo hã. Ame aɖeke—Mawu hã—mele mía dzi zim be míawɔ nu nyui alo nuvɔ̃ o. Gake ame aɖewo abia wòasɔ be, ‘Ne vɔ̃wɔwɔ dzroa míaƒe dzi ɖe, aleke míawɔ awɔ nu nyui?’ Nyateƒe, aɖuŋudɔdala léa ŋku ɖe aɖu ŋu ale be ete ŋu dzea sii ne ele nyinyim alo ele vovom hafi wòagblẽ atso eme. Nenema ke wòle be míadzro míaƒe kpɔɖeŋudzi la me akpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔƒewo kple agbenɔnɔ gbegblẽwo. Nukatae? Elabena Yesu gblɔ be: “Dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.”—Mateo 15:18-20.

Ele be aɖuŋudɔdala naɖe nu vovo ɖesiaɖe ɖa keŋkeŋ hafi aɖu nate ŋu asẽ. Nenema ke wòhiã be woatso kpla aɖe “nu vɔ̃ɖi susuwo” kple dzodzro vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ le dzia me. Menye ɖeko Mawu ƒe Nya, Biblia, xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu naa míenyaa mía Wɔla la ƒe mɔwo ko evɔ o ke míesrɔ̃a nunyuiwɔwɔ hã.—Yesaya 48:17.

Israel Fia Dawid zã kpekpeɖeŋunu bubu aɖe le nunyuiwɔwɔ ƒe aʋa la me. Edo gbe ɖa be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!” (Psalmo 51:12) Ẽ, ne míawo hã míeɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu to gbedodoɖa me la, míawo hã míate ŋu aɖu míaƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe dzodzroa dzi eye míatu nunyuiwɔwɔ ƒe “gbɔgbɔ yeye” ɖo. Ne míewɔe alea la, anukwareɖiɖi manye numaɖowɔ o. Anye nusi míaɖo awɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Gbedodoɖa na Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu nyui, abe alesi wònɔ le Dawid gome ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe