INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 7/1 axa 32
  • Ne Yehowa Ðasefowo Va Gbɔwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Yehowa Ðasefowo Va Gbɔwò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 7/1 axa 32

Ne Yehowa Ðasefowo Va Gbɔwò

Nukae wòle be Katolikotɔwo nawɔ ne Yehowa Ðasefowo va wo gbɔ le wo ƒeme? Agbalẽ aɖe si Italy Dukɔa ƒe Bisiɔpwo ƒe Mawunyafiafiadɔ Dzikpɔƒea ta nyitsɔ laa gblɔ be: “Gbegbe bubutɔe, gake ahaɖoe kplikpaa be woagaɖo dze kple ye o la menye nu gbegblẽ o.”

Menye Katolikotɔwo katãe lɔ̃ ɖe edzi o, abe alesi wòdze le lɛta aɖe si ŋutsu aɖe si le Foggia, Italy, ɖo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Gazzetta del Mezzogiorno talawo mee ene:

“Menye Yehowa Ðasefoe menye o. Katolikotɔe menye. Gake se aɖewo siwo sɔlemeha la dena na emenɔlawo be woaŋlɔ kaklãnanyawo aklã ɖe woƒe ʋɔtruwo ŋu atsɔ anyã Yehowa Ðasefowoe la wɔa nuku nam ŋutɔ. Gbeƒã koe amesiawo ɖena tso Mawu ƒe Nya la me, eye wokpena ɖe ame bubuwo ŋu Biblia me sidzedze deto sua wo si. Ena meɖo ŋku esime kolera va Italy, eye woɖo aɖaŋu na mí tso alesi míawɔ be míaxɔ dɔa o la dzi.

“Le nye susu nu la, efia be sɔlemeha la ɖoa nu na emenɔlawo woƒe didiwo ŋu mabumabui. Ke hã mede dzesii be ƒe aɖewoe nye esia si Katolikotɔwo hã yia tso aƒeme yi aƒeme eye wosrãa Yehowa Ðasefowo hã kpɔ le wo ƒeme; woxɔa wo heɖoa dze kple wo ame aɖeke manyãmanyãe.”

Yehowa Ðasefowo mezinɛ ɖe ame dzi be woaxɔ yewoƒe gbedasia o. Ke boŋ wodzea agbagba be yewoagblɔ mɔkpɔkpɔ si le Mawu ƒe Nya la me, si woawo ŋutɔ de dzesii be enaa akɔfafa le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la na ame bubuwo. Yehowa Ðasefowo toa nuƒoƒo na amesiwo wodoa goe le tso aƒeme yi aƒeme kple le ablɔwo dzi gblɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui na amesiwo lɔ̃ faa be yewoaɖo to wo.—Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 5:42; 17:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe