INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 11/1 axa 32
  • Tsi dudu tso “tɔ goglo” me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsi dudu tso “tɔ goglo” me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 11/1 axa 32

Tsi dudu tso “tɔ goglo” me

BIBLIA ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela [dunɛ].” (Lododowo 20:5) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, tsi kpɔkpɔ sesẽ wu alesi wòle le dukɔ geɖe me egbea. Esime Yesu ƒo nu kple Samaria-nyɔnu aɖe la, nyɔnua nɔ tsi dum tso Yakob ƒe vudo si goglo meta 23 me!—Yohanes 4:5-15.

Abe alesi Lododowo 20:5 fia ene la, nugɔmesese si hiã hafi woate ŋu ahe tamesusu deto kple seselelãme siwo be ɖe ame ƒe dzime ado goe la sɔ kple agbagbadzedze si hiã hafi woadu tsi tso vudo me. Nenemae wòle le agbemenya akpa gãtɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ènya ame aɖewo siwo le agbe ƒe geɖe ale be sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ xɔasi aɖewo su wo si. Ne amesiawo melɔ̃na ɖoa aɖaŋu na ame o negbe ɖe wobia wo hafi la, ke ɖewohĩ ahiã be nàbia wo. Ne èɖe ɖetsɔleme fia, ne èbia nyawo, eye nètsɔ aɖaŋudzedze bia nya gɔme la, awɔ abe ɖe nèɖiɖi wò tɔkpo ɖe nunya ƒe vudo goglo aɖe me ene.

Aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 20:5 wɔa dɔ le ƒomea me hã. Srɔ̃nyɔnuwo gblɔna zi geɖe be: “Srɔ̃nye megblɔa nusi wòsusu nam o!” Srɔ̃ŋutsua hã te ŋu gblɔna be: “Srɔ̃nye megaƒoa nu nam o!” Gɔmesese hiã le nya siawo gome hafi woate ŋu anya ame srɔ̃ ƒe dzimesusu goglowo. Zi geɖe la, nyawo biabia ŋuɖɔɖotɔe (Ðe menɔ bɔbɔe na wò egbea oa? Nukae dzɔ? Nukae mawɔ na wò?) ate ŋu awɔe be woakɔ dzime adze dzeɖoɖo gɔme. Nugɔmesese ɖeɖefia alea ana ŋusẽ naɖo srɔ̃ɖeɖea ŋu, wòaɖe vi na srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃nyɔnua siaa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe