INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 12/1 axa 9
  • Sɔhɛwo Kafu Mawu le Democratic Republic of Congo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛwo Kafu Mawu le Democratic Republic of Congo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 12/1 axa 9

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Sɔhɛwo Kafu Mawu le Democratic Republic of Congo

ƑE ALAFA geɖe enye sia la, hakpala la kpe sɔhɛwo be woava yewoakafu Fia mavɔmavɔtɔ la, bena: “Ðekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! [Mikafu] Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo.” (Psalmo 148:12, 13) Nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna si tso Democratic Republic of Congo ɖe mɔnukpɔkpɔ sia si ɖeke mesɔ kplii o fia.

• Yehowa Ðasefowo ƒe agbenɔnɔ wɔ dɔ nyui ɖe mɔɖela vevi aɖe ƒe xɔtɔ dzi. Eyata eɖe mɔ na Ðasefowo be woasrɔ̃ Biblia kple ye vinyɔnu Fifi si xɔ ƒe atɔ̃. Esi Fifi fofoa kpɔ ŋgɔyiyi siwo wòwɔ le Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawoa sɔsrɔ̃ me la, eɖe mɔ nɛ be wòade kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me. Le afima la, Fifi ɖevi sue la srɔ̃ Fiaɖuƒehawo dzidzi le Ðasefoawo ƒe hadzigbalẽ me. Hadzidzi 4 lia si ƒe tanyae nye “Mawu ƒe Paradiso ƒe Ŋugbedodo” koŋue vivia enu.

Fifi fofoa kplɔe yi woƒe sɔleme gbeɖeka. Ewɔ nuku na amesiame be Fifi gbe sɔlemehaawo dzidzi. Nukatae? Elabena ekpɔe be ha siwo wodzina le fofoa ƒe sɔleme mewɔ ɖeka kple nusiwo wòsrɔ̃ tso eƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ me o. Dzideƒotɔe la, edzi Fiaɖuƒeha si dzɔa dzi nɛ wu la ɖe eteƒe.

Esi sɔlemehaŋgɔnɔlawo dze agbagba geɖe be yewoatrɔ eƒe susu do kpoe la, wonyã Fifi si nye ƒe atɔ̃ vi la le sɔlemeha la me! Togbɔ be wowɔ nu manyomanyo sia hã la, fofoa zi kpi kpoo. Enye dada nɛ be Fifi nɔ te sesĩe ɖe nusi dzi wòxɔ se la me. Fifi fofo kple dadaa siaa di be wòayi edzi ade ha kple Yehowa Ðasefowo.

• Esi ŋutsuvi ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Lukodi di be yeasrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo la, fofoa tsi tre ɖe eŋu vevie. Ɣeaɖeɣi esi Lukodi nɔ dzadzram ɖo be yeayi kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata me la, fofoa tsɔ yi ɖe eŋu be yeadzae. Ɣeyiɣi bubu la, Lukodi fofoa tsɔ ati ƒoe ale wòde abi gã aɖe dzime nɛ. Togbɔ be wotsi tre ɖe Lukodi ŋu vevie alea hã la, egalé tame si wòɖo be yeazu Yehowa Ðasefo la me ɖe asi sesĩe. Eyi edzi wɔ ŋgɔyiyi geɖe eye wòva xɔ nyɔnyrɔ. Gbesiagbe mɔɖelae wònye fifia.

Lukodi ƒe afɔ si wòɖe la wɔ dɔ ɖe eyometɔ nyɔnuvi, Sona, dzi ale gbegbe be eya hã va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Gake esi wo fofo di be yeaxe mɔ na Sona ƒe nusɔsrɔ̃a ta la, eɖoe ɖe suku si le kɔƒe bubu me, afisi Ðasefowo mele o. Gake Sona gblɔa nusi wòsrɔ̃ la na ame bubuwo wòmãe. Ewɔe be dadagãa ƒe vi hã va tsɔ ɖe le eme.

Esi Ðasefo siwo le kɔƒe si te ɖe afima ŋu se Sona ƒe gbeƒãɖeɖea ŋu nya la, woyi ɖasrãe kpɔ eye wowɔ ɖoɖo be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kplii edziedzi. Eyi edzi wɔ ŋgɔyiyi geɖe eye medidi o eva wɔ ɖeka kple foa va zu Yehowa Ðasefo ɖeadzɔgbe si xɔ nyɔnyrɔ. Gakpe ɖe eŋu la, dadagãa ƒe via zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ fifia, eye wole agbalẽ me nusɔsrɔ̃ wɔm le kɔƒe sia me.

Aleke gbegbe wònyo eye wòdoa ŋusẽ amee nye si ne sɔhɛwo va kpe asi ɖe Yehowa kafukafu ŋu!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe