Wokafu Takpekpe ‘Tɔxɛ’ Aɖe
RADIO dzi nyadzɔdzɔgblɔla aɖe si le Lima, Peru, meka ɖe Yehowa Ðasefowo dzi kura o. Gake esi wòde woƒe nutome gã takpekpewo dometɔ ɖeka la, eƒe nɔnɔme va trɔ kura. Le nyateƒe me la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be egblɔ nya nyui tso wo ŋu na eƒe radio dzi nyaselawo. Nya siwo gbɔna nye nya siwo wògblɔ ƒe akpa aɖe:
“Takpekpea le etɔxɛ vavã. Pepa kakɛ aɖeke menɔ anyigba o eye nudzrala aɖeke menɔ afima o. Ʋuwo mexe mɔ na wo nɔewo o. Ame akpe atɔ̃ alafa eve ɖe woawo ŋutɔ ƒe ga heyi lãmesẽfefewɔƒea eye wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ tɔkpo, ɖovu, gbelɔnu, xa, brɔs, asiwui, kple adzalẽ ɖe asi be woatsɔ aklɔ teƒea. Afisi hiã be woasi aŋɔ na la, woawo ŋutɔ si aŋɔ nɛ. Eye afikae wokpɔ ga tsoe? Woa ŋutɔwoe dzɔe! Ne wona wonya be ehiã be woawɔ nane la, enumake wo katã wodea asi kotoku me naa nu. Nyateƒe, Katolikoha la le akɔlɔ̃e dɔm le nya siawo tɔgbe me. Medi be mada akpe na Yehowa Ðasefowo kple wɔna sia dzi kpɔlawo. Eye medi be magblɔe tso nye dzi ƒe gogloeƒe ke be, Mawu nekpe ɖe mia ŋu eye wòayra mi.”
Le dugãwo me le xexeame godoo la, Yehowa Ðasefowo awɔ “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe le ƒe sia me. Àyia?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 32]
“Pepa kakɛ aɖeke menɔ anyigba o”