“Asibide Ðeka Biblia”
ESI ŋdɔɖuame na gbagbãdɔ dze Joseph Schereschewsky dzi ta la, ne edi be yeaŋlɔ nu la, mɔ̃ koe wòate ŋu aƒo, eye asibide ɖeka koe wòate ŋu azã le alɔ ɖesiaɖe ŋu. Ke hã eɖo eƒe taɖodzinu gbɔ—be yeaɖe Biblia gɔme ɖe Chinagbe, gbegbɔgblɔ siwo sɔsrɔ̃ sesẽ wu na amedzrowo la dometɔ ɖeka me.
Schereschewsky si nye Yuda-vidzidzi ku nu me le Kristotɔnyenye ŋu eye wòva zu Kristotɔ esi wòtsi. Mlɔeba eva zu mawunyadɔgbedela le China. Le eƒe afima nɔɣi la, ewɔ gbegɔmeɖeɖedɔ geɖe, edze egɔme tso ƒe 1886 me ke eye wòyi edzi ge ɖe ƒe alafa 20 lia ƒe ƒe gbãtɔwo me. Esi Schereschewsky nye Yudatɔ ta enya Hebrigbea wu etɔ gbeanyala bubuwo. Eyata wotsɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe bliboa de asi nɛ. Le eƒe ƒe geɖe ƒe gbegɔmeɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, eɖe Biblia bliboa si me wòde nyawo diƒee gɔme ɖe Chinagbe me.
Esi Joseph Schereschewsky nye Biblia gɔmeɖela ta la, eʋli vevie be gɔmeɖeɖea nanɔ gbe si amewo dona vevie me. Gake dɔ sia wɔwɔ menɔ bɔbɔe nɛ o. The Book of a Thousand Tongues (Agbalẽ si Le Gbegbɔgblɔ Akpe Geɖe Me) gblɔ be dɔ tɔxɛ aɖee wòwɔ le Biblia gɔmeɖeɖe ɖe Chinagbe me, “elabena eme kɔ ŋutɔ eye wòwu enu togbɔ be nu geɖe do kplamatsee hã.”
Togbɔ be Schereschewsky ƒe abɔwo va tu hã la, egayi eƒe dɔa dzi kokoko. Edzea agbagba geɖe hafi te ŋu ƒoa mɔ̃a, le esi megate ŋu zãa eƒe asi nyuie o ta. Eyata eyɔ eƒe gbegɔmeɖeɖea be yeƒe asibide ɖeka Biblia. Be Schereschewsky nate ŋu aɖe egɔme togbɔ be eƒe lãme meɖe mɔ nɛ hã la, etsɔ veviedodo wɔ dɔ ƒe 25 sɔŋ. Esi mena ta o la, ekpe asi ɖe eŋu be wote ŋu sea Mawu ƒe Nya la gɔme le Chinagbe—gbegbɔgblɔ si ame geɖe dona wu ɖesiaɖe—la me.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 11]
Foto eveawo: Le American Bible Society Archives ƒe mɔɖeɖe nu