Agbenɔnɔ Nyui Hea Kafukafu Vɛ
ITALY nyadzɔdzɔgbalẽ La Gazzetta del Mezzogiorno kafu Yehowa Ðasefowo ɖe alesi wota nyati si nye “Matera—Dugã si me Kpetomexɔ Siwo Mebɔ O Nɔ Kpɔ” ta. Nyati sia dze le July 8, 1997, ƒe Nyɔ! magazine, Eŋlisigbe me tɔ me, esi ƒe agbɔsɔsɔme gbogbo aɖe wota ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me. Fifia woɖea Nyɔ! gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 81 me eye esi wotana sɔ gbɔ wu miliɔn 19 le xexeame katã. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be le ƒe ma ƒe dzomeŋɔli me la, Nyɔ! ye xɔ gbãtɔ le “gbeƒãɖeɖe [Matera] dua ƒe blemanuwo kpakple eƒe aɖaŋunuwo” me.
Nyadzɔdzɔgbalẽa kafu Ðasefowo ɖe “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Matera le ƒe 1997 me ta. Nyatia gblɔ be Ðasefowo dze agbagba “na ame 4,000 va [dua ƒe] XXI Settembre Lãmesẽfefewɔƒe lae le dzomeŋɔli titina esime xexeme xɔ dzo gbagbagbã; wodzra nusiwo hiã dzadzraɖo ɖo, wogbugbɔ aŋɔ si na nuwo, eye wotrɔ asi le fefewɔƒe sia (vevietɔ nugododeƒeawo) ŋu wòzu yeye naneke maxɔmaxɔe, woawo ŋutɔ woƒe kotokumegae wotsɔ ƒle nusiwo hiã lae.”
Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoanye havi nyuiwo. (Mateo 22:37-39) Wowɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nuxlɔ̃ame sia hã dzi, be: ‘Miaƒe anyinɔnɔ le dukɔwo dome nanɔ nyuie, bena le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ siwo wodze sii ŋuti la, woakafu Mawu le eƒe kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.’—Petro I, 2:12.