Ðe Wò Nuƒoƒo Tɔa Ame Alo Daa Gbea?
LE ƔEYIƔI sesẽ siawo me la, mewɔ nuku be ame geɖe ƒe “dzi gbã gudugudu” eye ‘woƒo woƒe gbɔgbɔ ƒu anyi’ o. (Psalmo 34:19) Eyata abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, ehiã ɣesiaɣi be ‘míafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo,’ eye ‘míaxɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Gake ne mía havi dze agɔ le mía dzi alo wòwɔ nu vlo aɖe ɖe mía ŋu ya ɖe? Le nɔnɔme mawo me la, ɖewohĩ míasusu be mía tɔ dzɔ be míaka mo na amea. Gake kpɔ nyuie. Ne wòsɔ be woaxlɔ̃ nu ame hã la, ne wowɔe kple adã la, ate ŋu agblẽ nu. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.”
Eyata ne míeɖo be míagbe nya na ame alo aɖɔ masɔmasɔ aɖe ɖo la, ele vevie be míaɖo ŋku Lododowo 12:18 ƒe akpa evelia dzi be: “Ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” Bia ɖokuiwò ɣesiaɣi be, ‘Ne wòhiã be woagbe nya nam la, aleke madi be woagbee nam?’ Mía dometɔ akpa gãtɔ doa vivi ɖe dzideƒoname ŋu wu be woakpɔ nya le mía ŋu agblɔ. Eyata kafu amewo zi geɖe. Zi geɖe la, nusia ana agɔdzela la nadi be yeawɔ ɖɔɖɔɖo, eye adze eŋu kokoko ne wodi be woana kpekpeɖeŋu ɖesiaɖee.
Aleke gbegbe wòhiãe be míagblɔ míaƒe nyawo le tufafa mee nye si! Nya siwo daa gbe le ame ŋu ana esela nase le eɖokui me abe hakpala la ene, amesi ŋlɔ be: “Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o.”—Psalmo 141:5.