Àte Ŋu Ade Vovototo Nyui Kple Vɔ̃ Domea?
“Nye ŋutɔe wu amesiwo ade 25. . . . Evaa susu me nam zã kple keli. Mekua drɔ̃e dziŋɔwo. . . . Mete ŋu yia teƒe aɖe ko kpɔa ame aɖe ƒe mo si naa meɖoa ŋku amesiwo mewu dzi. Mekpɔnɛ le susu me nyuie, abe egbea, fifi laa koe wòdzɔ ene. . . . Nyemate ŋu atsɔ nusiwo mewɔ la ake ɖokuinye o.”—V.S.
“Ðe woɖe gbe nam be mayi ɖatsrɔ̃ futɔwo. . . . Nyemenɔ anyi bu ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋuti o. . . . Mese le ɖokuinye me ɣemaɣi be nusi wogblɔ nam lae mewɔ eye gbe si woɖe nam dzie mewɔ ɖo eye nusi mewɔ la meɖea fu nam o, nenema ke megasena le ɖokuinye me fifia hã.”—W.C.
LE March 16, 1968, dzi la, ŋutsu eve siwo ƒe numenyawo woŋlɔ ɖe etame la kpɔ gome le nuwɔna si woava bu emegbe be enye aʋa me hlɔ̃dodo vɔ̃ɖitɔ aɖe me. Wo kple asrafo bubuwo ge ɖe Vietnamtɔwo ƒe kɔƒedu sue aɖe me wu dumevi alafa geɖewo—nyɔnuwo, ɖeviwo, kple ame tsitsiwo siaa. Gake bu asrafo eveawo ƒe seselelãme siwo to vovo na wo nɔewo tɔ la ŋuti kpɔ. Nusi asrafo gbãtɔa wɔ la wɔ funyafunyae ŋutɔ. Evelia se le eɖokui me be ye tɔ dzɔ. Aleke wɔ ame eve ƒe nɔnɔme ɖe nudzɔdzɔ ma ke ŋuti to vovo alea gbegbe?
Ŋuɖoɖoa ku ɖe dzitsinya—ŋutete si Mawu na mí si kpena ɖe mía ŋuti be míalé ŋku ɖe mía ɖokui ŋu nyuie ahabu míaƒe nuwɔnawo kple tamesusuwo ŋuti akpɔ—ŋu. Dzitsinya ye nye míaƒe ememe seselelãme si naa míedea vovototo nyui kple vɔ̃ dome.
Le nyametsotsowo wɔɣi la, ame aɖewo gblɔna ko be, “Na wò dzitsinya nafia mɔ wò.” Gake nublanuitɔe la, menye ɣesiaɣie nàte ŋu aka ɖe dzitsinya la dzi o. Nyateƒee, ame geɖewo ɖe mɔ ɖe tagbɔsesẽnu siwo dzi ŋɔ ŋutɔ la ŋu eye woawo ŋutɔ gɔ̃ hãe wɔ wo, evɔ woƒe dzitsinyawo meɖe fu na wo kura o. (Yohanes 16:2; Dɔwɔwɔwo 8:1) Abe alesi Eŋlisi gbalẽŋlɔla Samuel Butler gblɔe kpɔ ene la, dzitsinya la “dzudzɔa nuƒoƒo na amesiwo medina be yewoaɖo toe o.”
Ðe nàte ŋu aɖo ŋu ɖe wò dzitsinya ŋua? Alesi nèna hehee dzi koŋ ye ŋuɖoɖoa nɔ te ɖo, abe alesi nyati si kplɔe ɖo la afiae ene.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
Aʋawɔwɔ ƒe foto si dze le etame: U.S. Signal Corps photo