INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 9/1 axa 29
  • “Milé Nusi Le Mia Si La Me Ðe Asi”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Milé Nusi Le Mia Si La Me Ðe Asi”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Meke Ðe Kesinɔnu Vavãtɔ Ŋu Le Australia
    Nyɔ!—1994
  • Kutrikuku Na Wokpɔa Ŋgɔyiyi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Alesi Nàwɔ Anya Amesi Wòle Be Nàɖo Toe
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Subɔsubɔ Le Yehowa Ƒe Beléle Lɔlɔ̃tɔe me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 9/1 axa 29

“Milé Nusi Le Mia Si La Me Ðe Asi”

Ðasefo aɖewo nɔ ɖase ɖim le ƒukpo siwo ade 30 siwo ƒe ƒuƒoƒo woyɔna be Cyclades-ƒukpowo si le Greece la dometɔ ɖeka dzi. Esi wo dometɔ eve nɔ ɖase ɖim le ablɔ aɖe dzi la, wodo go kpovitɔ aɖe si gblɔ na wo be woakplɔ ye ɖo ayi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe. Esi woɖo kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea megbe sẽ la, ame aɖe ƒo ka. Dua me nunɔla lae. Egblɔ be: “Mese be Yehowa Ðasefowo va dua me.” Kpovitɔa ɖo eŋu be: “Ẽ, wo ame eve le gbɔnye afii.” Nunɔlaa yi edzi be: “Megbɔna fifi laa.” Alesi dzeɖoɖoa yii la na vɔvɔ̃ ɖo nɔviawo vie.

Gake esi nunɔlaa va ɖo la, eɖo nukomo, wona asi wo nɔewo, eye wòbɔbɔ nɔ zikpui si le kpovitɔa tɔ xa la dzi. Esi dzeɖoɖoa nɔ edzi yim la, kpovitɔa do dziku gake nunɔlaa ya ƒo nu le nugɔmesese kple amebubu mɔ nu. Egblɔ na kpovitɔ la be megada Ðasefowo ɖe anyi o, eye wògblɔ kpee be: “Woate ŋu aɖo biabia ɖesiaɖe ŋu elabena woxɔ hehe le Teokrasi Subɔsubɔ Suku me. Anɔ bɔbɔe be woatrɔ xexeame abu anyi tsɔ wu be woatrɔ Yehowa Ðasefo aɖe ƒe dzixɔse.”

Esi nɔviawo nɔ ɖase ɖim ŋufɔke ƒe ŋdi la, wogado go nunɔlaa ake eye wobiae be: “Nukae na nèwɔ nu xɔlɔ̃tɔe ɖe mía ŋu nenema le dzeɖoɖoa me le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea?” Nunɔlaa gblɔ na wo be yenya Ðasefo geɖewo le Syros eye ƒe geɖewoe nye ma yenɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo xlẽm. Le nyateƒe me la, edea Gbetakpɔxɔ magazine la nu me ɣeaɖewoɣi nɔa edzi kpɔm tsɔ gblɔa mawunyae le sɔleme. Egblɔ be: “Nyemeka ɖe edzi be anyi anya nɔ nam ne nyemekpɔ miaƒe agbalẽ o. Eya ŋue menɔa agbe ɖo.”

Emegbe nunɔlaa gblɔ na Ðasefoawo be: “Magblɔ nya sia na mi. Milé nusi le mia si la me ɖe asi. Negage le mia si o. Nya si gblɔm mele na mi fifia ye nye mawunya nyuitɔ kekeake si megblɔ kpɔ, eye menye nya ko wònye mele gbɔgblɔm o; etso nye dzi me ke.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe