Biblia Yeye Aɖe Le Egbe Helagbe Me
AUGUST 23, 1997, nye ŋkeke tɔxɛ aɖe na “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Greece la valawo. Esi ŋdɔ me wɔnawo yina ɖe nuwuwu la, woɖe Biblia yeye aɖe ɖe go—New World Translation of the Holy Scriptures le egbe Helagbe me. Ameha siwo ƒe mo wɔ yaa la xɔ edzi enumake kple dzidzɔɖatsiwo kpakple asikpeƒoƒo ɣeyiɣi didi aɖe!
Tso ƒe 1905 me ke la, Yehowa Ðasefowo nɔ ƒe alafa 19 lia me Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si Hela Orthodɔks nunɔla aɖe ta la zãm. Biblia sia kpe ɖe wo ŋu ŋutɔ ƒe geɖe. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo va kpɔe be Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si asɔ wu eye egɔme anya se wu hiã yewo. Dzi dzɔ wo ŋutɔ le ƒe 1993 me esi woxɔ New World Translation of the Christian Greek Scriptures si le Helagbe me. Gake fifia woƒe dzidzɔa wu gbɔgblɔ esi woxɔ Biblia bliboa katã le egbe Helagbe me.
Ðasefo aɖe si kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la yɔ New World Translation la be, “hakpanya kple ya fafɛ aɖe si tsɔa Yehowa ƒe gbe vanɛ na mí bɔkɔɔ, esiae nye zi gbãtɔ si míate ŋu ase egɔme le mía degbe me nyuie.” Wo dometɔ aɖewo dze woƒe Biblia yeyea xexlẽ gɔme esime wonya ɖo aƒeme teti ko. Takpekpedela kpɔdzidzɔ aɖe mete ŋu da eƒe Biblia ɖi o vaseɖe zã ga ɖeka me, esime wòwu Hiob ƒe agbalẽ bliboa xexlẽ nu!
Helagbe me New World Translation of the Holy Scriptures la nye dɔ si wotsɔ kutrikuku kple beléle tɔxɛ wɔ ƒe adre sɔŋ la me tsonu. Lɛta aɖe si woxɔ gblɔ be: “Miate ŋu aka ɖe edzi be New World Translation la akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ le kpekpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu me.”