INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 3/1 axa 32
  • Wogbugbɔ Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðo Eteƒe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wogbugbɔ Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðo Eteƒe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 3/1 axa 32

Wogbugbɔ Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðo Eteƒe

“ESI woɖe ŋkɔ Yehowa le Bibliawo me ƒe geɖe eye ɖewohĩ ƒe alafawo megbe la, eƒe egbegbe ɖasefowo koe nye Kristo-ha si tso eye wogbugbɔ ŋɔŋlɔdzesi eneawo ɖo eteƒe.”a

Nya siwo míetsɔ dze nyati sia gɔme la tso agbalẽ si nye Jeová dentro do Judaísmo e do Cristianismo (Yehowa le Yuda-subɔsubɔ Kple Kristotɔnyenye Me), si Assis Brasil, si nye Braziltɔ ŋlɔ me. Gake biabia la ate ŋu afɔ ɖe te be, Togbɔ be Biblia gɔmeɖeɖe ʋee aɖewo zã Mawu ƒe ŋkɔa le mɔ aɖewo nu hã la, nukatae subɔsubɔha bubuwo ɖee ɖa le woƒe Bibliawo me? Brasil gblɔ be “Woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le aʋatsodzixɔse loo . . . , susu bubu aɖe loo, alo le didi be woado Yesu kple dadaa, Maria, ƒe ŋkɔwo ɖe dzi ta.”

Gake abe alesi Aƒetɔ Brasil gblɔe wòsɔe ene la: “New World Translation of the Holy Scriptures ɖɔ [Mawu ƒe] ŋkɔa si woɖe ɖa la ɖo keŋkeŋ le Portugalgbe me.” Aleke? Le susu sia nu be wogbugbɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ɖo eteƒe le Biblia ma me. Ŋkɔ Yehowa dze le New World Translation la me wòwu zi gbɔ zi 7,200 sɔŋ.

Tso esime woɖe egbegbe gɔmeɖeɖe si le Portugalgbe me ɖe go zi gbãtɔ la, womã xexlẽme si wu miliɔn ade kple afã. Eyata eʋã nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe wòŋlɔ tsɔ bia le Brazil nyadzɔdzɔgbalẽ Diário do Nordeste (Dzieheɣedzeƒe Nyadzɔdzɔgbalẽ) me be, “Ènya be ŋkɔ le Mawu sia?” Egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe sia na ame miliɔn geɖe ate ŋu aɖo eŋu be, “Ẽ. Mawu ŋkɔe nye Yehowa.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Le Hebrigbe me la, woŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ ale יהוה. Wolɔ̃a ŋɔŋlɔdzesi ene siawo (si woxlẽna tsoa ɖusi me yia mia me) yɔyɔ be Tetragrammaton alo Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe