Nane si Nyo Wu Lekewɔnuwo
ESI apostolo Petro ƒo nu tso “gota gome lekewɔwɔ” si nyɔnuwo zãna tsɔ trɔa asi le woƒe dzedzeme ŋu vɔ megbe la, eɖo aɖaŋu be: “Ke boŋ [miaƒe tugbedzedze nanye] dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.”—Petro I, 3:3, 4.
Enyo be míade dzesii be esi apostoloa ŋlɔ nu tso gota gome lekewɔwɔ ma ŋu la, Helagbe me nya si wòzãe nye koʹsmos, si me woɖe Eŋlisigbe me nya “cosmetic” tsoe, si fia “asitɔtrɔ le ame ƒe dzedzeme ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ŋu, vevietɔ le ŋutigbalẽ kple ame ƒe mo ƒe dzedzeme ŋu.” Ðe Petro le mɔ xem ɖe Kristotɔ nyɔnuwo ƒe atsyɔ̃ɖonu siwo wotitina ɖe nu kple lekewɔnu bubuwo zazã nua? Naneke mele Mawu ƒe Nya la me si fia nenema o. Ke boŋ Mawu ƒe Nya la ɖe mɔ na amesiame be wòawɔ nyametsotso le nya sia ŋu, eyata míate ŋu akpɔ mɔ be vovototo anɔ alesi amewo azãe me le alesi dze wo ŋu nu.
Gake ne wozã lekewɔnuwo wògbɔ eme, alo wozãe kakaka ale be wòɖia ame bubu geɖe nu la, nya kae wòagblɔ le ame ŋu? Ðe manye nusi mesɔ, ameŋumabumabu, atsyɔ̃ɖoɖo tɔŋku, adegbeƒoƒo, alo ɖokuiŋudzedze ɖeɖefiae oa? Le nyateƒe me la, ate ŋu aɖi gbɔe eye ɖewohĩ wòagblɔ nya masɔmasɔwo le eƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu.—Tsɔe sɔ kple Xezekiel 23:36-42.
Esi nyɔnu si “ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me” dze sii alea ta la, ne eɖo be yeazã lekewɔnuwo la, adze agbagba be yeƒe mo ƒe dzedzeme naɖe nuŋububu nyui, tufafa, dɔmenyo, kple ʋuɖɔɖɔ afia. Nɔnɔme mawo ana be eƒe dzedzeme nanyo eye wòagadze tugbe ɖe edzi. Le nyateƒe me la, eɖanye eɖoe be yeazã atsyɔ̃ɖonuwo ɖe mo alo yemazã wo o la, aɖe bubu si le eŋu kple eƒe tugbedzedze ememetɔ afia. Esia aɖee afia be enyae, abe alesi Petro ƒe nya siwo míeyɔ ɖe etame ɖee fia ene, be nane li si nyo wu lekewɔnuwo.—Timoteo I, 2:9, 10.